1
Efesotɔwo 5:1-2
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ale esi wònye vi lɔlɔ̃wo mienye na Mawu ta la, misrɔ̃ eƒe nɔnɔme. Lɔlɔ̃ nedze le miaƒe agbenɔnɔ me, abe ale si Kristo lɔ̃ mí, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui na ɖe mía ta, hezu nunana si ʋẽ lílilĩ, si wotsɔ sa vɔe na Mawu la ene.
مقایسه
Efesotɔwo 5:1-2 را جستجو کنید
2
Efesotɔwo 5:15-16
Ale milé ŋku ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie. Miganɔ agbe abe ame manyanuwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene. Miwɔ mɔnukpɔkpɔ si su mia si fifia la ŋudɔ nyuie, elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le dzi dem le ŋkeke siawo me.
Efesotɔwo 5:15-16 را جستجو کنید
3
Efesotɔwo 5:18-20
Migano aha mu o, elabe ɖe wònana be ame wɔa nu baɖa. Ke boŋ mina Gbɔgbɔ la nayɔ mia me taŋ. Mitsɔ nya siwo le Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo me ƒo nu na mia nɔewo, eye mitsɔ kafukafuhawo kple hadzidzi viviwo kafu Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. Mida akpe na Mawu Tɔ́ la le nu sia nu me le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me.
Efesotɔwo 5:18-20 را جستجو کنید
4
Efesotɔwo 5:17
Eya ta migawɔ nu abe movitɔwo ene o, ke boŋ midze agbagba miase nu si dim Aƒetɔ la le la gɔme.
Efesotɔwo 5:17 را جستجو کنید
5
Efesotɔwo 5:25
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si Kristo hã lɔ̃ hamea, hetsɔ eƒe agbe na ɖe eta la ene.
Efesotɔwo 5:25 را جستجو کنید
6
Efesotɔwo 5:8
Elabe tsã la, viviti mee mienɔ, ke fifia la, miele kekeli me, hele ha dem kple Aƒetɔ la. Eya ta minɔ agbe abe ame siwo le kekeli me la ene
Efesotɔwo 5:8 را جستجو کنید
7
Efesotɔwo 5:21
Le bubu si mietsɔna na Kristo ta la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo.
Efesotɔwo 5:21 را جستجو کنید
8
Efesotɔwo 5:22
Srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si miawɔ na Aƒetɔ la ene.
Efesotɔwo 5:22 را جستجو کنید
9
Efesotɔwo 5:33
Nu si mewɔnɛ koŋ lae nye be ele na srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe be wòalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe hã nakpɔ egbɔ be yetsɔ bubu na ye srɔ̃ŋutsu.
Efesotɔwo 5:33 را جستجو کنید
10
Efesotɔwo 5:31
Mawunya gblɔ be: “Esia ta ŋutsu aɖe ɖa tso tɔ́a kple nɔa ŋu, ava lé ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea azu ame ɖeka.”
Efesotɔwo 5:31 را جستجو کنید
11
Efesotɔwo 5:11
Migakpɔ gome aɖeke le nu siwo amewo wɔna le viviti me la me o. Viɖe aɖeke mele wo me o; miʋu go wo boŋ.
Efesotɔwo 5:11 را جستجو کنید