1
Korintotɔwo I, 3:16
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ɖe mienyae be Mawu ƒe gbedoxɔe mienye, eye be Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia me oa?
مقایسه
Korintotɔwo I, 3:16 را جستجو کنید
2
Korintotɔwo I, 3:11
elabe woɖo xɔa gɔme anyi xoxo, eye ame aɖeke mate ŋu awɔ gɔmeɖoɖo bubu wu esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la o.
Korintotɔwo I, 3:11 را جستجو کنید
3
Korintotɔwo I, 3:7
Ale menye ame si do nukua, alo ame si de tsii la, ƒe dɔe nye vevitɔ o, ke boŋ Mawu, ame si nana be wòtsina la ɖeɖe ko tɔe nye vevitɔ.
Korintotɔwo I, 3:7 را جستجو کنید
4
Korintotɔwo I, 3:9
Míenye hadɔwɔlawo na Mawu, eye miawo mienye Mawu ƒe agble. Ẽ, Mawu ƒe xɔ hãe mienye.
Korintotɔwo I, 3:9 را جستجو کنید
5
Korintotɔwo I, 3:13
ame sia ame ƒe dɔ si wòwɔ la, ava dze, elabe wole eɖe ge afia le ʋɔnudrɔ̃gbe la. Dzoe wole tsɔtsɔ ge aɖee ɖe goe, eye dzoa ado dɔ si ƒomevi ame sia ame wɔ la kpɔ.
Korintotɔwo I, 3:13 را جستجو کنید
6
Korintotɔwo I, 3:8
Ame si do nukua kple ame si de tsii la, ɖe wosɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe axɔ fetu ɖe dɔ si wòwɔ la nu.
Korintotɔwo I, 3:8 را جستجو کنید
7
Korintotɔwo I, 3:18
Ame aɖeke megaflu eɖokui o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenye nunyala le xexe sia me la, netsɔ eɖokui wɔ movitɔe boŋ, ale be wòava zu nunyala.
Korintotɔwo I, 3:18 را جستجو کنید