1
Filipitɔwo 4:6
Agbenya La
AL
Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.
مقایسه
Filipitɔwo 4:6 را جستجو کنید
2
Filipitɔwo 4:7
Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.
Filipitɔwo 4:7 را جستجو کنید
3
Filipitɔwo 4:8
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.
Filipitɔwo 4:8 را جستجو کنید
4
Filipitɔwo 4:13
Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
Filipitɔwo 4:13 را جستجو کنید
5
Filipitɔwo 4:4
Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!”
Filipitɔwo 4:4 را جستجو کنید
6
Filipitɔwo 4:19
Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me.
Filipitɔwo 4:19 را جستجو کنید
7
Filipitɔwo 4:9
Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi.
Filipitɔwo 4:9 را جستجو کنید
8
Filipitɔwo 4:5
Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
Filipitɔwo 4:5 را جستجو کنید
9
Filipitɔwo 4:12
Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me.
Filipitɔwo 4:12 را جستجو کنید
10
Filipitɔwo 4:11
Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye.
Filipitɔwo 4:11 را جستجو کنید