Skip to content

Tobit 3

3
Tobit ƒe gbedodoɖa
1Tete nye dzi yɔ fũu kple nuxaxa kple vevesese eye mefa avi. Menɔ ŋeŋem, de asi gbedodoɖa me be:
2“O Aƒetɔ, nu dzɔdzɔe wɔlae nènye,
eye wò nuwɔnawo katã dzɔ;
wò mɔwo katã fia be èkpɔa nublanui na ame
eye nèwɔa nu si le eteƒe;
wòe drɔ̃a ʋɔnu xexea me.
3Azɔ la, o Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye
eye nàve nunye.
Mègahe to nam ɖe nye nuvɔ̃wo ta o;
ɖe vo siwo meda le manyamanya me
kple ɖe vo siwo tɔgbuinyewo da
le ŋkuwò me la ta o.
Wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò,
4eye wogbe wò sededeawo dzi wɔwɔ.
Ale nèɖe mɔ woha mí,
ɖe aboyo mí eye wowu mí.
Esia ta amewo ɖe alɔme le mía ŋu;
míezu lodonu kple ame siwo wokona
le dukɔ siwo katã dome nèkaka mí hlẽ ɖo la.
5Azɔ la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ geɖeawo le eteƒe
be nèhe to nam ɖe nye nuvɔ̃wo ta.
Elabe míewɔ ɖe wò sededeawo dzi o,
eye míewɔ nu si sɔ
ɖe nyateƒe nu le ŋkuwò me o.
6Eya ta, azɔ wɔ nu si nèlɔ̃ la kplim.
Ɖe gbe be woaxɔ nye gbɔgbɔ le asinye,
ne woaɖem ɖa le anyigba la dzi
eye matrɔ zu ʋuʋudedi.
Elabe enyo nam be maku wu be manɔ agbe,
elabe mele vlododo siwo medze o la sem,
eye nuxaxa gã yɔ menye.
O Aƒetɔ, ɖe gbe mado tso fukpekpe sia me;
be mayi ɖe aƒe mavɔ la me,
o Aƒetɔ, mègaɖe kɔ ɖa le ŋunye o.
Elabe enyo nam be maku wu
be manɔ fu kpem alea le agbe me,
eye manɔ vlododowo sem.”
Sara tsi dzimaɖeɖi
7Gbe ma gbe ke, le Ekbatana le Media-nyigba dzi la, eva eme be Sara tɔ́ ƒe nyɔnusubɔla ɖeka dzu Sara, Raguel vi. 8Elabe eɖe srɔ̃ zigbɔzi adrẽ, ke hafi eya kple srɔ̃awo nanɔ anyi abe atsu kple asi ene le kɔnu nu la, Asmodeo gbɔgbɔ vɔ̃ vɔ̃ɖi wu ŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ale nyɔnusubɔla la gblɔ nɛ be: “Wòe nye ame si le srɔ̃wòawo wum. Kpɔ ɖa, èɖe srɔ̃ adrẽ, eye womeyɔ ɖeka teti ƒe ŋkɔ ɖe ŋuwò o. 9Nu ka tae nèle mía ƒom? Esi srɔ̃wòawo ku ta yea? Kplɔ wo ɖo nàyi. Míakpɔ viwò ŋutsuvi alo viwò nyɔnuvi aɖeke akpɔ gbeɖe o!”
10Gbe ma gbe la, Sara xa nu vevie le gbɔgbɔ me eye wòfa avi. Esi wòyi tɔ́a ƒe dziƒoxɔ dzi la, eɖoe be yeade ka ve na ye ɖokui. Gake egabu eŋuti kpɔ eye wògblɔ be: “Nyemana woaka mo na tɔ́nye, ne woanɔ gbɔgblɔm nɛ be: ‘Nyɔnuvi lɔlɔ̃a ɖeka dzaa koe nɔ asiwò, gake ede ka ve wu eɖokui le eƒe nuxaxa me’. O esia ana be tɔ́nye natsɔ nuxaxa ayi tsiẽƒe le eƒe amegãkuku me. Enyo nam wu be magade ka ve o, ke boŋ be mado gbe ɖa na Aƒetɔ la, be nena maku boŋ, ale be nyemagase vlododo aɖeke azɔ o.”
Sara ƒe gbedodoɖa
11Le ɣe ma ɣi ke la, edo abɔwo ɖe dzi le fesre nu, do gbe ɖa be:
“Mawu nublanuikpɔla, woakafu wò!
Woakafu wò ŋkɔ tegbee.
Nà be wò dɔwɔwɔwo katã nakafu wò tegbee.”
12Azɔ la, Aƒetɔ, metrɔ mo ɖe gbɔwò,
eye nye ŋkuwo le dziwò.
13Ɖe gbe be madzo le anyigba la dzi,
ne maganɔ vlodoame sia ƒomeviwo sem azɔ o.
14O Amegã, ènya be nyemeɖi fɔ o,
ŋutsu aɖeke megblẽm o.
15Ènya hã be nyemedo ŋukpe nye ŋkɔ alo tɔ́nye ƒe ŋkɔ
le anyigba si dzi mele aboyo me le la o.
Vi ɖekɛ menye na tɔ́nye;
vi bubu aɖeke megale esi,
anyi eƒe dome o.
Ƒometɔ aɖeke mele esi tsɔ ɖe egbɔ,
alo ƒometɔ bubu aɖe si ŋu malé ɖo abe srɔ̃a ene o.
Srɔ̃ adrẽ sɔŋ ku nam xoxo.
Nu ka tae maganɔ agbe kokoko ɖo?
Gake ne medze ŋuwò, o Aƒetɔ, be nàɖe nye agbe ɖa o la;
ekem se nye gbedodoɖa ya; mele ŋukpe me.
Mawu se Tobit kple Sara ƒe gbedodoɖawo
16Le aɖabaƒoƒo ma me tututu la, wose wo ame evea ƒe gbedodoɖawo le Mawu ŋutikɔkɔetɔ la gbɔ. 17#Mos IV, 36.6-9; Tob 6.10-12.Ale wodɔ mawudɔla Rafael ɖa be wòaɖada gbe le wo ame evea ŋu. Wodɔe ɖe Tobit gbɔ, be wòaɖaɖe nu flukpe si tsyɔ eƒe ŋku dzi la ɖa, ale be wòate ŋu akpɔ kekeli si tso Mawu gbɔ la kple eƒe ŋkuawo. Wodɔe ɖe Sara, Raguel vinyɔnuvi la ya gbɔ, be wòatsɔe na Tobias, Tobit vi, be wòaɖe eye wòana wòavo tso Asmodeo, gbɔgbɔ vɔ̃ vɔ̃ɖi la si me. Elabe, le ŋutsu siwo katã eyama dzro woɖee dome la, Tobias, ye dze be wòaɖee le woƒe kɔnu nu. Ɣeyiɣi si me tututu Tobit trɔ tso xɔxɔnua ge ɖe eƒe xɔ me la, ɣe ma ɣi tututue Sara, Raguel vi la, hã ɖi tso eƒe dziƒoxɔ la dzi.