Bible App logo
Search Icon

Tobit 2

2
Ƒomezãɖuɖu
1 # Mos II, 23.16. Le Esar-hadon ƒe dziɖuɣi la, metrɔ gbɔ va aƒe, eye megawɔ ɖeka kple srɔ̃nye Ana kple vinye Tobias. Le míaƒe ŋkeke bla atɔ̃ zã si nye kwasiɖa kɔkɔewo ƒe azã dzi la, woɖa nu nyui aɖe nam eye menɔ anyi be maɖui. 2Esi woɖo kplɔ̃ nam, eye woda nuɖuɖu gbogbo aɖe ɖe akɔnyeme la, megblɔ na vinye Tobias be: “Vinye, yi ɖakplɔ mía detɔ dahe ɖe sia ɖe si nàkpɔ le aboyomeawo dome le Nineve si subɔa Mawu kple dzi blibo la vɛ, bene wòaɖu nu kplim. Malala wò va se ɖe esime nàtrɔ gbɔ.
Wowu ame le Nineve
3Ale Tobias yi ɖatso ŋu na ame dahe aɖewo tso mía detɔwo dome. Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ be: “Tɔ́nye!” Meɖo eŋu be: “Nyee nye esi, vinye.” Eyi edzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, tɔ́nye, wowu míawo ŋutɔ mía detɔ ɖeka, tsɔ ƒu gbe ɖe asime. Wotro kɔ le enu; wòle afi ma.” 4Tete metso kpla le nuɖuɖua gbɔ; nyemeɖɔe kpɔ gɔ̃ hã o, eye meyi ɖakɔ ame kukua le ablɔme, ɖada ɖe xɔwo dometɔ ɖeka me, va se ɖe esime ɣe naɖo to hafi maɖaɖii. 5#Mos IV, 19.11-13.Esi metrɔ gbɔ la, mele tsi kɔ ɖokuinye ŋu hetsɔ nuxaxa ɖu nu lae. 6#Amos 8.10.Tete meɖo ŋku nya si Amos ɖe gbeƒãe ɖe Betel ŋuti la dzi be:
“Miaƒe ŋkekenyuiwo atrɔ zu nuxaxa
eye miaƒe hawo azu konyifafa.”
Ale mewó avi.
7Esi ɣe ɖo to la, meyi ɖaɖe yɔdo eye meɖi amea. 8Nye aƒelikawo kom gblɔ be: “Mele vɔvɔ̃m va se ɖe fifi oa? Woti eyome be yewoawui ɖe nu sia wɔwɔ ta, eye wòsí dzo. Ke eyae nye esi gava le ame kukuwo ɖim!”
Tobit tsí ŋku
9Zã ma ke me la, mele tsi, yi ɖamlɔ anyi ɖe nye xɔxɔnu, hedɔ alɔ̃ ɖe xɔxɔnua ƒe glikpɔ ŋu. Ɖe dzoxɔxɔ ta la, nyemetsyɔ nu mo o. 10Nyemenya be sagbadrɛwo nɔ glia dzi o. Woƒe mí ge ɖe ŋku dzi nam, eye wona nye ŋkuwo dzi wɔ flukpee. Mede atikewɔlawo gbɔ be woada gbe le ŋunye. Ke zi ale si wosisi amiwo ɖe nye ŋkuwo dzi la, zi nenemae nye ŋkuwo dzi wɔ flukpee, le tsroawo ta, va se ɖe esime nye ŋku tsí keŋ. Nyemegatea ŋu kpɔa nu kura o, ƒè ene sɔŋ. Nye ƒometɔwo katã fa nam ŋutɔ. Ahikar kpɔ dzinye ƒè eve hafi dzo yi Elyamais.
11Le ɣe ma ɣi me tututu la, srɔ̃nye Ana nɔ nyɔnuwo ƒe dɔ aɖe wɔm, eye woxea fe nɛ. 12Nu siwo wòwɔ la, eɖoa wo ɖe nua tɔwo eye woxea fe nɛ ɖe wo ta. Gbe ɖeka, le vuvɔŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo, esi wòɖe nu siwo wòlɔ̃ le agba me, eye wòɖo wo ɖe nua tɔwo la, woxe fe sia fe nɛ wòde, eye wona gbɔ̃tsui aɖe hãe be wòaɖa aɖu. 13Esi nyɔnua trɔ gbɔ va gbɔnye la, gbɔ̃ la de asi xɔxlɔ̃ me. Ale meyɔe biae be: “Afi ka nèkpɔ gbɔ̃ sia tsoe? Meka ɖe edzi be menye ɖe nèfii o ɖe. Ne ɖe nèfii la, gbugbɔe yi na nutɔwo elabe se meɖe mɔ na mí be míaɖu finu o.” 14Ke egblɔ nam be: “Ɖe wonam kpe ɖe nye dɔwɔfetua ŋuti.” Gake nyemexɔ edzi se o, eye megblɔ nɛ be netrɔ gbɔ̃ la yi na nutɔwo. Dzi kum vevie ɖe eŋu ɖe nu sia ta. Tete wòɖo eŋu nam be: “Afi ka wò dɔmenyowɔwɔwo le? Wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe? Amewo nya nu siawo katã le ŋuwò ɖe!”

Currently Selected:

Tobit 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in