Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 30

30
Agur ƒe nyawo
1Agur, Yake vi, tso Masa, ƒe nyawo.
Agur gblɔ na Itiel
kple Ukal be:
2Nyateƒee, medzɔ lã akpa be manye amegbetɔ.
Nyemesea nu gɔme abe amegbetɔ ene o.
3Nyemesrɔ̃ nunya o,
eye nyemenya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
4Ame kae yi dziƒo
gagbɔ kpɔ?
Ame kae mia asi ɖe ya dzi kpɔ?
Ame kae bla tsi ɖe avɔ me kpɔ?
Ame kae ɖo xexea me
ƒe mlɔenuwo katã anyi?
Eŋkɔ ɖe?
Via hã ŋkɔ ɖe?
Ẽ, ènyae!
5Mawu ƒe nya ɖe sia ɖe nye nyateƒe.
Enye akpoxɔnu
na ame siwo sinɛ tsona.
6Mègatsɔ nya aɖeke
kpe eƒe nyawo o.
Ne menye nenema o la,
aka mo na wò,
eye àzu aʋatsokala.
Lododo bubuwo
7Nu eve biam mele wò:
Mègagbe wo nanam
hafi maku o:
8Te amebeble kple aʋatsokaka ɖa
sãa tso gbɔnye.
Mègana ahedada alo kesinɔnum o;
nyim kple nuɖuɖu si mehiã la ko.
9Ne menye nenema o la,
maɖi ƒo ahagbe nu le gbɔwò
agblɔ be: “Ame kae nye Aƒetɔ?”
Alo mada ahe, ahafi fi,
eye maƒo ɖi nye Mawu ŋkɔ.
10Mègagblɔ dɔla ƒe nya vɔ̃e
na eƒe aƒetɔ o.
Ne menye nenema o la,
dɔlaa ava ƒo fi ade wò,
eye woabu wò fɔɖilae.
11Ame aɖewo li si ƒoa fi dea wo tɔ́,
eye womeyraa wo nɔ o.
12Ame aɖewo li siwo buna be yewodza
gake womeklɔa woƒe ɖiƒoƒo ɖa o.
13Ame aɖewo li siwo to ŋku gã,
eye wokɔa woƒe aɖaba dzi dàdatɔe.
14Ame aɖewo li siwo ƒe aɖuwo nye yiwo,
eye woƒe aɖuwo nye hɛwo
ne woatsɔ aɖu ame dahewo
le anyigba dzi
kple hiãtɔwo le amegbetɔwo dome.
15Vinyɔnu eve le alobo si.
Wole ɣli dom be: “Tsɔe vɛ! Tsɔe vɛ!”
Nu etɔ̃ meɖia ƒo gbeɖe o;
nu ene megblɔna gbeɖe be: “Esu” o:
16Tsiẽƒe,
nyɔnu konɔ ƒe vidzidɔ,
anyigba si tsi meɖia kɔ na o
kple dzo si megblɔna be: “Esu” o.
17Ŋku si ɖea alɔ me le tɔ́a ŋu,
eye mebua nɔa ɖe naneke me
ahaɖo toe o la,
bali me akpaviawo ahoe le to me,
eye akagawo aɖui.
18Nu etɔ̃, wɔ nuku nam ŋutɔ;
nu ene, nyemese wo gɔme o:
19 # Nya 5.10-12. hɔ̃ ƒe nuwɔna le dziŋgɔli me;
da ƒe zɔzɔ le agakpe dzi;
tɔdziʋu ƒe atsiaƒu dzi toto;
ŋutsu ƒe toƒe le nyɔnu ŋu.
20Alea nye nyɔnu ahasitɔ hã ƒe agbe:
eɖua nu, tutua nu to,
eye wògblɔna be:
“Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.”
21Nu etɔ̃ nana be anyigba ʋuʋuna;
nu ene wua tsɔtsɔ nɛ:
22ne kluvi va zu fia,
ne bometsila ɖu nu ɖi ƒo,
23ne nyɔnu si womelɔ̃ o la va ɖe srɔ̃,
ne dɔlanyɔnu va xɔ eƒe aƒenɔ teƒe.
24Nu ene le sue le anyigba dzi
gake wonya nu ale gbegbe:
25anyidiwo: wonye dukɔ
si si ŋusẽ mele o,
gake wodia woƒe nuɖuɖu le dzomeŋɔli;
26hotoklolowo: wonye dukɔ
si si ŋusẽ mele o,
gake agakpewo me kee
wowɔa nɔƒe ɖo;
27ʋetsuviwo: fia mele wo nu o,
gake wo katã wozɔna le ɖoɖo me;
28adoglowo: woate ŋu alé ɖeka ɖe asi me
gake fiasãwo me wonɔna.
29Nu etɔ̃ zɔa atsyɔ̃zɔli,
eye ene ya zɔa fiazɔli:
30Dzata si nye kalẽtɔ le lãwo dome
eye mesína le naneke nu o,
31koklotsu si klẽ aʋala,
gbɔ̃tsu,
fia si le zɔzɔm le eƒe aʋakɔ ŋgɔ.
32Ne ètsi bome le ɖokuiwò dom ɖe dzi,
alo nèɖo vɔ̃ ɖe tame la,
ɖo asi nu!
33Elabe ne woƒo notsi la,
amie dona,
eye ne wofiã ŋɔti sesĩe la,
ʋue dona.
Ne wodo dɔmedzoe helihelĩ la,
dzree dzɔna.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 30: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in