Salomo ƒe Lododowo 29
29
1Ame si wokaa mo na enuenu
gake metsɔa ɖeke le eme o la,
edome agblẽ keŋkeŋ zi ɖeka,
eye womate ŋu ada gbe le eŋu o.
2Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la,
dukɔa tsoa aseye;
ke ne ame vɔ̃ɖi ɖu dzi la,
dukɔa ɖea hũ.
3Vi si lɔ̃ nunya la,
doa dzidzɔ na tɔ́a;
ke esi dea ha kple gbolowo la,
gblẽa eƒe kesinɔnuwo dome.
4Nu dzɔdzɔe wɔwɔ fia tsɔna lia ke dukɔ;
ke fia si xɔa nunana vivivo la, gbãnɛ.
5Ame si vivia nu me na ehavi la,
ɖoa ɖɔ na ehavi ƒe afɔ.
6Woléa nuvɔ̃ɖi wɔla le eƒe dzidada me;
ke nu dzɔdzɔe wɔla adzi ha atso aseye.
7Ame dzɔdzɔe nyaa
nu si nye ame dahewo tɔ gome;
ke ame vɔ̃ɖi mesea sidzedze sia gɔme o.
8Fewuɖulawo tɔa dzo du;
ke nunyalawo tsia dɔmedzoe nu.
9Ne nya ɖo nunyala kple bometsila dome la,
bometsila la ɖeko wòdoa dɔmedzoe,
nɔa nu kom, eye mezia ɖoɖoe o.
10Hlɔ̃dolawo léa fu ame maɖifɔ,
ke nu dzɔdzɔe wɔlawo kpɔa eƒe agbe ta.
11Bometsila ɖea eƒe dɔmedzoe fiana
ale si wòate ŋui;
ke nunyala ya
léa eɖokui.
12Ne dziɖula le to ɖom alakpanyawo la,
eƒe amegãwo katã ava zu ame vɔ̃ɖiwo.
13Ame dahe kple ameteɖeanyila siaa wosɔ;
Aƒetɔ ye na ŋku wo ame evea be woakpɔ nui.
14Fia si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na ame dahewo la
ƒe fiazikpui ali ke tegbee.
15Ameƒoti kple mokaname fiaa nunya,
ke vi tsiyame nye ŋukpe na nɔa.
16Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la,
sedzidada dzina ɖe edzi;
ke ame dzɔdzɔewo anye woƒe
anyidzeƒekpɔlawo.
17He viwò ekema ana gbɔdzɔe wò,
eye wòado dzidzɔ na wò.
18Ne Mawu ƒe gbeƒãɖeɖe mele dukɔ aɖe me o la,
dukɔa trana;
ke woyra ame si léa sea me ɖe asi.
19 #
Sir 33.25-30. Wometsɔa nya ko hea kluvi o,
elabe ne ese eme gɔ̃ hã la,
mele edzi wɔ ge o.
20Èle ame si tsi dzi le nuƒoƒo me la kpɔma?
Mɔkpɔkpɔ le bometsila si wu eyama.
21Kluvi si wowɔ vi na tso ɖevime ke la,
ava zu domenyila emegbe.
22Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ,
eye dzikutɔ daa vo geɖe.
23Ɖokuidodoɖedzi bɔbɔa ame ɖe anyi;
ke ɖokuibɔbɔ dea bubu ame ŋu.
24Ame si dea ha kple fiafitɔ la,
lé fu eya ŋutɔ ƒe agbe;
ase fiƒode
gake magblɔ nya aɖeke o.
25Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̀ wònye ɖea ame;
ke ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, anɔ dedie.
26Ame geɖewo wɔa ameŋkumenu
be yewoadze ame si le dzi ɖum la ŋu;
ke Aƒetɔ ye tsoa afia na ame.
27Nu madzɔmadzɔ wɔla nye ŋunyɔnu
na ame dzɔdzɔewo,
ke ame si ƒe zɔzɔme dzɔ la nye ŋunyɔnu
na ame vɔ̃ɖi.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 29: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.