Salomo ƒe Lododowo 31
31
Nuxlɔ̃amenya na fia aɖe
1Lemuel, Masa-fia, ƒe nufiamenya siwo wòsrɔ̃ le nɔa gbɔ.
2Oo, vinye! Nye dɔmevi, oo!
Oo, nye adzɔgbeɖevi!
3Mègatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo,
alo wò mɔwo nanɔ nyanya
na fiatsrɔ̃lawo o.
4Oo, Lemuel! Menye fiawo ƒe dɔe o;
wain nono menyo na fiawo o,
dziɖula menoa aha muame o.
5Elabe ne wonoe la,
woaŋlɔ se la be,
eye woatrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta atu
na ame gblɔewo katã.
6Mina aha sesẽ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la;
mina wain ame siwo le veve helihelĩ sem la.
7Wonenoe ne woaŋlɔ
woƒe ahedada be;
wonenoe ne womagaɖo ŋku
woƒe fukpekpewo dzi o.
8Ƒo nu ɖe ame siwo ƒe aɖe tu la nu,
ƒo nu nàʋli ame siwo wote ɖe anyi
le nu siwo dze na wo la ta.
9Ke nu nàtso afia dzɔdzɔe,
eye nàxɔ na ame dahewo kple hiãtɔwo.
Srɔ̃nyɔnu nyui
10Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu nyui?
Exɔ asi sãa wu dzonu nyuitɔ!
11Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu;
naneke mehiãnɛ o.
12Ewɔa nyui na ŋutsua,
menye vɔ̃ o,
le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
13Edia alẽfu kple anazi,
eye wotsɔa eƒe asiwo wɔa dɔe faa kple dzidzɔ.
14Ele abe asitsalawo ƒe asiʋu ene,
eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒewo vɛ.
15Efɔna xoxoxo hafi ŋu va kena.
Enaa nuɖuɖu eƒe aƒemetɔwo,
eye wònaa dɔ eƒe dɔlanyɔnuwo wowɔna.
16Ewɔa susu dia agbledenyigba ƒlena,
eye wòtsɔa eƒe dɔwɔwɔ me kutsetse dea waingblee.
17Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzi,
eye wodoa ŋusẽ eƒe alɔwo.
18Edea dzesii
be yeƒe asitsatsa ɖea vi na ye.
Eƒe akaɖi metsina le zã me o.
19Eléa ati si ŋu wodoa ɖetifu ɖo la,
eye wòléa keke la hã.
20Eʋua asi me na ame dahewo,
eye wòkpena ɖe hiãtɔwo ŋu.
21Mevɔ̃na ɖe eƒemetɔwo nu,
ne vuvɔ le wɔwɔm o,
elabe wo katã wotsyɔa kuntru dzĩ.
22Elɔ̃a kuntru na eɖokui;
aklala kple aɖabɛ nye eƒe awuwo.
23Amewo dze si srɔ̃a
le dua ƒe agbowo nu,
ne wònɔ anyi ɖe dumemetsitsiwo dome.
24Etɔa aklalawuwo dzrana,
eye asitsalawo xɔa alidziblanu tso egbɔ.
25Ŋusẽ kple bubu nye eƒe avɔ tsyɔtsyɔ,
eye etsɔ si gbɔna la ɖia kokoe nɛ.
26Eƒoa nu kple nunya,
eye dɔmenyo nufiame le eƒe aɖe dzi.
27Eléa ŋku ɖe nuwo ƒe yiyime ŋu
le eƒe aƒeme,
eye meɖua kuviabolo o.
28Viawo tsona heyɔnɛ be: Yayrame;
srɔ̃a hã nenema,
eye wòkafunɛ be:
29“Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo nya li ya;
ke wò la, èƒo wo katã ta.”
30Nyonyo la, beblee,
eye tugbedzedze la, nu dzodzroe;
ke nyɔnu si vɔ̃a Aƒetɔ la,
ele be woakafui.
31Mitsɔ eƒe asinudɔwɔwɔ ƒe kutsetse nɛ,
eye eƒe dɔwɔwɔwo nekafui
le dua ƒe agbowo nu.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 31: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.