Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 24

24
1Mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o,
eye megadzro wò
be nàde ha kpli wo o,
2elabe wole ŋutasesẽ ŋu bum le dzime,
eye woƒoa nu tso nugbegblẽ ŋu.
20
3Nunya wotsɔna tua xɔe,
eye gɔmesese wotsɔna lia kee.
4Sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu xɔasi
kple dzidzɔdonamenuwo katã xɔawo me, woyɔna taŋ.
21
5Ame nyanu sesẽ wu ame sesẽ,
eye ame si si sidzedze le la
ɖea ŋusẽ fiana wu ame sesẽ.
6Elabe to amekpɔkplɔ nunyatɔe me miate ŋu aho aʋa,
eye dziɖuɖu vana to adaŋudela geɖe dzi.
22
7Nunya kɔ dzi boo akpa na bometsila,
eya ta mekea nu le ʋɔnu o.
23
8Ame si ɖoa vɔ̃ be yeawɔ la,
eyae woyɔna be ame vɔ̃.
9Bometsila ƒe tameɖoɖo nye nuvɔ̃,
eye fewuɖula nye ŋunyɔ na amegbetɔwo.
24
10Ne ègbɔdzɔ le xaxagbe la,
wò ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ.
25
11Xɔ na ame siwo wokplɔ yina wuwu ge,
eye ɖe ame siwo woyina tsotso ge la.
12Ne ègblɔ be: “Kpɔ ɖa, míenya esia o” la,
ɖe ame si daa dziwo kpɔna la medze sii oa?
Ɖe ame si dzɔa wò luʋɔ ŋu la, menyae oa?
Ɖe maɖo eteƒe na ame ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu oa?
26
13Vinye, no anyitsi elabe enyo,
eye anyigba si le tsyɔtsyɔm la avivi na wò.
14Nya be nenema nunya le na wò luʋɔ.
Ne wò asi su edzi la,
ekema ŋkekenyuiwo gbɔna na wò,
eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
27
15Wò ame vɔ̃ɖi, mègade xa
ɖe ame dzɔdzɔe ƒe nɔƒe ŋu o,
eye mègagblẽ eƒe aƒe o.
16Elabe togbɔ be ame dzɔdzɔe dzea anyi
zi adrẽ hã la, egafɔna;
ke ame vɔ̃ɖiwo dzea gbegblẽ me.
28
17Ne wò futɔ dze anyi la,
dzi megadzɔ wò o.
Ne ekli nu la,
mègakpɔ dzidzɔ o.
18Ne menye nenema o la,
Aƒetɔ akpɔe madze eŋu o,
eye wòadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe eŋu.
29
19Dzi megaku wò le ame vɔ̃ɖi ta o,
eye mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖi o,
20elabe etsɔ me manyo na ame vlo o,
eye ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi atsi.
30
21Vinye, vɔ̃ Aƒetɔ kple fia la,
eye mègagbe toɖoɖo wo dometɔ aɖeke o.
22Elabe gbegblẽ atso wo gbɔ ava kpata.
Ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si ava
tso wo kple eve la gbɔ?
Nufiamenya bubuwo
23Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyawo:
Ame dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.
24Ame si gblɔ na ame vɔ̃ɖi be:
“Tɔwò dzɔ” la,
dukɔwo aƒo fi adee,
eye anyigbadzitɔwo alé fui vevie.
25Gake ame siwo gbea nya na ame vɔ̃ɖi la,
dzi adzɔ wo,
eye yayra vavãtɔ anɔ wo dzi.
26Ame si ɖoa nya ŋu ɖe eteƒe la,
eya ƒe nuyi ye wogbugbɔna.
27Wɔ wò dɔwo le xexe,
eye nàde wò agble,
emegbe hafi nàtu xɔ.
28Mèganye ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro o,
eye mègaka aʋatso o.
29Mègagblɔ be:
“Ale si wòwɔmee la,
nenema kee mawɔe.
Maɖo eteƒe nɛ
ɖe eƒe nuwɔna nu” o.
30Meto kuviatɔ aɖe ƒe agble ŋu,
numanyala aɖe ƒe waingble ŋu, yi kpɔ.
31Kpɔ ɖa, aŋɔka xɔ agblea keŋ;
gbe to ɖe eme taŋtaŋ,
eye eƒe kpeɖoɖowo mu.
32Tete mekpɔe hebu eŋu.
Meɖe ŋku ɖee,
eye mesrɔ̃ nu tso eme:
33 # Lod 6.10, 11. “Alɔ̃dɔdɔ vie, akɔlɔ̃edɔdɔ sẽe,
asidede asitɛ me,
gbɔgbɔɖeme ʋɛ” la,
34ahedada ɖe wòƒona ɖe ame dzi
abe adzodala ene,
eye hiã ɖe wòtua ame
abe ŋutsu si bla akpa ene.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 24: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in