Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 23

23
6
1Ne èle kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple dziɖula aɖe la,
lé ŋku ɖe nu si le ŋkuwò me la ŋu nyuie.
2Ne ènye nu tsu ɖula la,
ekema ɖu ɖokuiwò dzi vevie.
3Eƒe nuɖuɖu viviawo megadzro wò o,
elabe ameblenuɖuɖu woe.
7
4Mègaɖe fu na ɖokuiwò
be yeakpɔ kesinɔnu o;
nya nu nàɖee ɖa le susu me.
5Kasia wò ŋku nakpɔe ɖa la,
maganɔ anyi o,
elabe ato aʋala adzo ayi ya me
abe hɔ̃ ene.
8
6Mègaɖu ŋɔkula ƒe nu o,
eye eƒe nuɖuɖu viviwo megadzro wò o,
7elabe ale si wòbu le dzime la,
nenema eyama le.
Agblɔ na wò be: “Ɖu nu, no nu!”
gake nya sia metso eƒe dzime o.
8Nu si nèɖu la, àdzɔe,
eye dzidzɔdonamenya siwo nègblɔ la
hã azu dzodzro.
9
9Mègaƒo nu na bometsila o,
ɖeko wòado vlo nunya
si le wò nyawo me la.
10
10Mègatrɔ liƒo xoxowo o,
eye mègaxɔ tsyɔ̃eviwo ƒe agblewo le wo si o,
11elabe woƒe Xɔnametɔ tri akɔ;
eyae atso ɖe ŋuwò, aʋli wo ta.
11
12Trɔ wò dzi ɖe nufiamenya ŋu,
eye nàɖo to sidzedze ƒe nyawo.
12
13Mègagbe tohehe na vi o.
Ne èƒoe kple ati la, maku o.
14Ne èƒoe kple ati la,
àɖe eƒe agbe tso tsiẽƒe.
13
15Vinye, ne wò dzi dze nunya la,
ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ.
16Nye luʋɔ atso aseye,
ne ègblɔ nu si le eteƒe.
14
17Mègaʋã ŋu vɔ̃wɔla le dzime o;
ke boŋ nɔ Aƒetɔ -vɔvɔ̃ dzi ɖaa.
18Elabe ɣeyiɣi li gbɔna godoo,
eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
15
19Vinye, see, eye nàdze nunya,
da wò dzi ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi.
20Mègade ha kple wain tsu nolawo
kple lã tsu ɖulawo o,
21elabe ahamula kple nu tsu ɖula,
ɖe wodaa ahe,
eye alɔ̃ tsu dɔdɔ ɖe wònana
wotsia nu vuvu me.
16
22Ɖo to tɔ́wò si dzi wò,
eye mègado vlo nɔwò
le eƒe nyagãkuku me o.
23Ƒle nyateƒe; mègadzrae o.
Ƒle nunya, nufiame kple nugɔmesese hã.
24Ame dzɔdzɔe tɔ́ atso aseye vevie,
eye ŋutsu si dzi vi nyanu la,
akpɔ dzidzɔ le eŋu.
25Na tɔ́wò kple nɔwò nakpɔ dzidzɔ,
eye nɔwò si dzi wò la natso aseye.
17
26Vinye, tsɔ wò dzi nam,
eye nàlé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,
27elabe gbolo la, do globo wònye;
nyɔnu tsatsala la, vudo xaxɛ wònye.
28Edea xa ɖi
abe adzodala ene,
eye wòwɔnɛ
be nuteƒemawɔlawo dzina ɖe edzi
le ŋutsuwo dome.
18
29Ame kae ɖea hũ?
Ame kae sea veve?
Ame kae wɔa dzre?
Ame kae faa konyi?
Ame kae xɔa abi dzodzro?
Ame ka ƒe ŋkue biãna wɔna dɔ̃?
30Ame siwo tsia wain gɔme la woe.
Ame siwo lɔ̃a wain si wodzro la
ɖɔɖɔ kpɔ la woe.
31Mègaɖe ŋku ɖe wain,
ne wòbiã nyuie,
eye wòle dzo dam le kplu me,
eye ne wole enom, wòle yiyim wɔliwɔli la o.
32Mlɔeba la, eɖua ame abe da ene,
eye wònyɔa aɖi abe dakpui ene.
33Wò ŋku akpɔ nu manyatanawo,
eye wò susu anɔ nya vlowo gblɔm.
34Ànɔ abe ame si le atsiaƒu titina
alo ame si le abalati tame la ene.
35Àgblɔ be: “Woƒom, ke nu vevi mewɔm o;
wotom, ke mevem o.
Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ?
Magadi aha bubu yomemɔ.”

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 23: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in