Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 17

17
1Abolo ƒuƒu ɖuɖu le dzidzeme me nyo wu
aƒe si me nuɖuɖu le fũu,
eye dzre kpe ɖe eŋu.
2Kluvi nyanu aɖu amegã ɖe viŋutsu
ŋukpenanuwɔla dzi,
eye akpɔ gome le domenyinu me
abe nɔviŋutsuwo dometɔ ɖeka ene.
3Wotsɔa sonu ɖe klosalo ŋu,
eye wotsɔa dzokpo ɖe sika ŋu;
ke Aƒetɔ ye doa dziwo kpɔna.
4Nu vɔ̃ɖi wɔla léa to
ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyagbɔgblɔ ŋu,
eye aʋatsokala ƒua to anyi
be yease nu baɖa wɔlawo ƒe nya.
5Ame si ɖea alɔ me le ame dahe ŋu la,
doa vlo eƒe Wɔla.
Ame si kpɔa dzidzɔ le dzɔgbevɔ̃e ŋu la,
matsi tomahe o.
6Tɔgbuiyɔviwo nye ame tsitsi ƒe fiakuku,
eye viŋutsuwo ƒe atsyɔ̃ ye nye vi tɔ́wo.
7Bometsila megblɔa nya vivi o,
eye amegã mekaa aʋatso o.
8Zãnu le abe akunyakpe ene
le enalawo gbɔ;
afi sia afi si wòtrɔ ɖo la
ekpɔa nu si dim wòle.
9Ame si tsɔa vɔ̃ kena la
nana be lɔlɔ̃ nɔa anyi;
ke ame si hea nya xoxo ɖe go la,
klãa xɔlɔ̃wo dome.
10Ne wohe nya ɖe nugɔmesela ŋu la,
edea tame nɛ wu
ne woƒo bometsila zi alafa.
11Ame vɔ̃ɖi ƒe didi koe nye be yeadze aglã,
eya ta woadɔ dɔla ŋutasẽla ɖe eŋu.
12Gododo sisiblisinɔ si ŋu woɖe vi le la,
nyo wu gododo bometsila si le bometsinu wɔm.
13Ame si tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la,
dzɔgbevɔ̃e mado le eƒeme o.
14Dzregɔmetoto le abe ale si
woŋɔa tɔe ene,
eya ta dzudzɔ hafi wòava do gã.
15Ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi
kple ame si bua fɔ ame dzɔdzɔe la,
woawo kple eve la siaa
nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ.
16Nu ka ta bometsila lé ga ɖe asi
be yeaƒle nunya
esime susu mele esi o?
17 # Sir 6.7-10. Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣe sia ɣi baa;
ke nɔvi ya dzɔ
be yeaxɔ na ame le xaxaɣi.
18Ame si lé ehavi ƒe fe nu,
eye wòdo ŋugbe be yeaxe fea la, wɔ movinu.
19Ame si lɔ̃a sedzidada la, lɔ̃a dzrewɔwɔ;
ame si de agbo kɔkɔ eƒe mɔ nu la,
le gbegblẽ dim.
20Ame si si alakpadzi le la,
makpɔ nu nyui aɖeke o,
eye ame si ƒe aɖe metoa mɔ ɖeka o la,
age ɖe dzɔgbevɔ̃e me.
21Viŋutsu si dzɔ lã nye nuxaxa na tɔ́a,
eye bometsila tɔ́ mekpɔa dzidzɔ o.
22Dzi si kpɔa dzidzɔ la,
le abe gbedanu nyui ene;
ke gbɔgbɔ xanu nana be ƒuwo
ƒuna kplakplakpla.
23Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme,
ne yeatrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta atu.
24Nugɔmesela dia nunya ƒe mɔ;
ke bometsila ƒe ŋku le anyigba ƒe seƒe ŋu.
25Vi tsibome nye nuxaxa na tɔ́a,
eye wònana be nɔa si dzii la sea veve.
26Menyo be woado fe na ame dzɔdzɔe,
alo woaƒo bubume le eƒe nuteƒewɔwɔ ta o.
27Ame si meƒoa nu kabakaba o la
sidzedze le esi,
eye ame ɖɔŋuɖo nye nugɔmesela.
28 # Sir 20.5. Ne bometsila gɔ̃ zi ɖoɖoe la,
wobunɛ nunyalae;
ne emia nu la,
wobunɛ nugɔmeselae.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 17: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in