Salomo ƒe Lododowo 16
16
1Amegbetɔ wɔa ɖoɖo le susu me;
ke eɖeɖe gblɔ la, Aƒetɔ gbɔ wòtsona.
2Ame ƒe nuwɔnawo katã dzana
le eya ŋutɔ ŋkume;
ke Aƒetɔ ye doa gbɔgbɔwo kpɔna.
3Tsɔ wò dɔ de asi na Aƒetɔ la,
ekema wò tameɖoɖowo adze edzi.
4Aƒetɔ wɔ nu sia nu ɖe susu aɖe ta;
ewɔ ame vɔ̃ɖi gɔ̃ hã ɖe dzɔgbevɔ̃e gbe ŋu.
5Dàdalawo katã nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ.
Meka ɖe edzi na wò: Ne woagbe tohehe na wo fĩi!
6 #
Tob 12.9. To nuteƒewɔwɔ kple nyateƒe me woléa avu nuvɔ̃ɖi wɔwɔ,
eye Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nana be ame ƒoa asa na vɔ̃.
7Ne ame aɖe ƒe nuwɔna dze Aƒetɔ ŋu la,
enana be eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa ŋutifafa me kplii.
8 #
Tob 12.8. Nu vi nɔamesi si ŋu nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kpe ɖo la,
nyo wu nukpɔkpɔ geɖe
si ŋu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kpe ɖo la.
9Amegbetɔ wɔa ɖoɖo ɖe eƒe mɔ ŋu;
ke Aƒetɔ ye fiaa eƒe afɔɖoƒewoe.
10Fia ƒe nuƒo la, Mawu gbɔe wòtsona;
eya ta medaa vo le afiatsotso me o.
11Nudanu nyuitɔ kple nudada nyuitɔ siaa
nye Aƒetɔ tɔ;
nudakpe siwo katã le kotokua me la
nye eƒe nuwɔwɔ.
12Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo,
elabe nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi
woli fiazikpui la anyi ɖo.
13Nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ dzea fiawo ŋu,
eye wolɔ̃a nyateƒetola.
14Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla,
eye nunyala afa dzi nɛ.
15Agbe le fia ƒe mokɔkɔ me,
eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe alilikpo
si nana be tsi dzana le adame ene.
16Ne nunya su asiwò la,
enyo wu sika;
ne nugɔmesese su asiwò la,
enyo wu klosalo nyuitɔ.
17Nuteƒewɔlawo ƒe mɔ tata tsri nuvɔ̃ɖi;
ame si léa ŋku ɖe eƒe nuwɔna ŋu la
nana be eƒe agbe nɔna dedie.
18Dàda doa ŋgɔ na gbegblẽ,
eye ɖokuidodo ɖe dzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
19Ɖokuibɔbɔ le hiãtɔwo dome
nyo wu aboyonu mama kple dàdalawo.
20Ame si léa to ɖe nya ŋu la,
nu adze edzi nɛ;
ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la,
akpɔ dzidzɔ.
21Ame si si dzi nyanu le la,
woyɔnɛ be nugɔmesela,
eye nuƒo si nyasena la,
nana be woxɔa ame dzi sena.
22Nunya nye agbevudo na ame si si wòle;
ke bometsitsi nye tohenu na bometsilawo.
23Nunyala ƒe susu nana be eƒe nuƒo dzɔna,
eye wòkpena ɖe eƒe nufiafia ŋu.
24Nya sɔtome la, anyitsi wònye;
evivina na luʋɔ,
eye wòyɔa dɔ ŋutilã.
25 #
Lod 14.12. Mɔ aɖe li si dzɔna le ame ŋkume,
ke eƒe seƒee nye ku.
26Nuɖuɖu si le dɔwɔla dzrom lae
nana be wòwɔa dɔ;
dɔwuamee ƒoa du ɖe ete.
27Yakame ɖoa vɔ̃ ɖe ame ŋu,
eye eƒe nuƒo le abe dzo binu ene.
28 #
Sir 28.13-26. Ame vlo dea dzre aƒe,
eye sakplitɔ klãa xɔlɔ̃ veviwo dome.
29Ŋutasẽla blea ehavi nu,
eye wòkplɔnɛ toa mɔ manyomanyo dzi.
30Ame si miaa ŋku ɖe ame la
ɖo vɔ̃ ɖe tame;
ame si miaa aɖu ɖe nuyi dzi goŋgoŋ la,
wɔa nuvɔ̃ɖi.
31Wɔƒoƒo nye bubufiakuku;
nu dzɔdzɔe wɔwɔ mee wokpɔnɛ le.
32Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ,
ɖokuidziɖula nyo wu duwo xɔla.
33Wodaa nudzidzekpe ɖe akɔ me;
ke Aƒetɔ tɔe nye nyametsotso.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 16: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.