Mose IV 7
7
Nunana siwo kplɔlawo va na
1Gbe si gbe Mose tu godoƒegbadɔ la vɔ la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋu nuwo katã ŋu. Esi ami na vɔsamlekpui la, eye wòkɔ eya hã kple eŋu nuwo katã ŋu. 2Azɔ Israel kplɔla siwo nye tatɔwo le woƒe aƒekɔwo nu, eye wonye toawo ƒe amegãwo ame siwo kpɔ amexexlẽ si wowɔ dzi la, 3tsɔ woƒe nunanawo vɛ na Aƒetɔ. Nunanaawoe nye: Tasiaɖam ade kple nyitsu wui eve. Wowɔe alea be kplɔla eve naxɔ tasiaɖam ɖeka, eye kplɔla ɖe sia ɖe naxɔ nyitsu ɖeka. Wona nuawo le agbadɔ la ŋgɔ. 4Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 5“Xɔ nunanaawo le wo si hena godoƒegbadɔ la ŋudɔwo wɔwɔ. Ma wo na Levitɔwo ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu.” 6Ale Mose xɔ tasiaɖamawo kple nyitsuawo tsɔ na Levitɔwo. 7Etsɔ tasiaɖam eve kple nyi ene na Gerson viwo le ale si woƒe dɔ le la nu, 8eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari viwo le ale si woƒe dɔ le la nu. Woƒe dɔdzikpɔlae nye Itamar, Aron viŋutsu. 9Ke Mose metsɔ tasiaɖam alo nyitsu aɖeke na Kehat viwo ya o, elabe nu kɔkɔe siwo dzi kpɔm wole la, abɔtae woléa wo ɖo. 10Gbe si gbe wonɔ ami sim na vɔsamlekpui la, kplɔlaawo dzɔ nu bene woatsɔ akɔ eŋui. Wotsɔ woƒe nunanaawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ. 11Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na wo be gbe sia gbe la, kplɔla ɖeka ko natsɔ eƒe nunanawo vɛ be woatsɔ akɔ vɔsamlekpuia ŋui.”
12Ame si na nu le ŋkeke gbãtɔ gbe lae nye Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me. 13Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le nudada ɖoɖo si le kɔkɔeƒe la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 14sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa, 15nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 16gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 17nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Naheson, Aminadab vi ƒe nunanawo.
18Le ŋkeke evelia gbe la, kplɔla Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la me na nu. 19Nu siwo wòna la woe nye: Klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ menee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 20sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa; 21nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 22gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 23nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Netaneel, Zuar vi, ƒe nunanawo.
24Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Xelon vi, Zebulon viwo kplɔlae na nu. 25Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae, 26sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa; 27nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 28gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 29nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Eliab, Xelon vi, ƒe nunanawo.
30Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur vi, Ruben viwo kplɔlae na nu. 31Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 32sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa; 33nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 34gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae, 35nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elizur, Sedeur vi, ƒe nunanawo.
36Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai vi, Simeon viwo kplɔlae na nu. 37Nu siwo wòna lae woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 38sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa; 39nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 40gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 41nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Selumiel, Zurisadai vi, ƒe nunanawo.
42Le ŋkeke adea gbe la, Elyasaf, Deguel vi, Gad viwo kplɔlae na nu. 43Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 44sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa; 45nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 46gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 47nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elyasaf, Deguel vi, ƒe nunanawo.
48Le ŋkeke adrẽa gbe la, Elisama, Amihud vi, Efrayim viwo kplɔlae na nu. 49Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 50sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 51nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 52gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 53nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elisama, Amihud vi, ƒe nunanawo.
54Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedazur vi, Manase viwo kplɔlae na nu. 55Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 56sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 57nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 58gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 59nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Gamaliel, Pedazur vi, ƒe nunanawo.
60Le ŋkeke asiekea gbe la, Abidan, Gideoni vi, Benyamin viwo kplɔlae na nu. 61Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 62sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 63nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 64gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 65nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Abidan, Gideoni vi, ƒe nunanawo.
66Le ŋkeke ewoa gbe la, Axiezer, Amisadai vi, Dan viwo kplɔlae na nu. 67Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 68sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 69nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae; 70gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 71nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Axiezer, Amisadai vi, ƒe nunanawo.
72Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Oxran vi, Aser viwo kplɔlae na nu. 73Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 74sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 75nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 76gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 77nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Pagiel, Oxran vi, ƒe nunanawo.
78Le ŋkeke wui evea gbe la, Axira, Enan vi, Naftali viwo kplɔlae na nu. 79Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae; 80sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa; 81nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae; 82gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 83nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Axira, Enan vi, ƒe nunanawo.
84Vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ ƒe nunana siwo Israel-kplɔlawo va na gbe si gbe wosi ami nɛ la woe nye: klosalogba wui eve, klosaloze wui eve kple sikunutɔgba wui eve. 85Klosalogba ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã. Zeawo dome ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram bla adrẽ vɔ adrẽ, eye klosalonuawo katã ƒe ƒuƒoƒo kpe de kilo bla eve vɔ adrẽ kple afã, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu. 86Sikanutɔgba wui eve si lifi yɔ banaa ƒe kpekpeme nye gram wuiɖekɛ, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; sikanutɔgbawo katã ƒe kpekpeme le kilo ɖeka gram bla etɔ̃ vɔ eve. 87Lã siwo katã wotsɔ va sa numemevɔe la wole nyitsu wui eve, agbo wui eve, alẽ wui eve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe woƒe nuɖuɖuvɔsawo ŋu; gbɔ̃tsu wui eve woawɔ nuvɔ̃vɔsae. 88Lã siwo katã wotsɔ va sa ŋutifafavɔe la wole nyi bla eve vɔ ene, agbo bla ade, gbɔ̃tsu bla ade kple alẽvi bla ade siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Esia nye vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ nunanawo esime wosi ami nɛ, vɔ megbe.
89Ne Mose yi ɖe godoƒegbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, esea gbe aɖe tso kerubi eveawo dome le nutsyɔnu si le nubablaɖakaa tame la dzi, eye wòƒoa nu kplii le afi ma.
Currently Selected:
Mose IV 7: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.