Mose IV 6
6
Ɖoɖo na ame siwo ɖe adzɔgbe be yewoanye Mawu tɔ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Aƒetɔ be yeazu Mawu ƒe Klu la, 3#Luk 1.15. ele be wòatsri wain alo aha sesẽ ɖe sia ɖe. Mano waintsetse me tsi alo anyi waintsetse alo aɖu waintsetse ƒuƒu hã o. 4Tso gbe si gbe wònyakɔ eɖokui ŋu hezu Mawu ƒe Klu ko la, maɖu naneke si wotsɔ waintsetse wɔ la o: Eƒe ku wòɖanye o, tsroa wòɖanye o, maɖu ɖeke o.
5“Ɣeyiɣi si me wònye Mawu ƒe Klu la, ezu ame kɔkɔe na Aƒetɔ eya ta talũhɛ maka ta nɛ le ɣeyiɣi mawo katã me o, ke boŋ ele nɛ be wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato asa ɖe eme.
6“Le ŋkeke siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Aƒetɔ la, mele be wòate ɖe ame kuku ŋu o. 7Ne tɔ́a alo nɔa, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu ku la, mele be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, elabe eɖokui ŋu kɔkɔ na Mawu ƒe dzesi le ta nɛ. 8Ŋkeke siwo katã wònye Mawu ƒe Klu la, ezu ame si ŋu kɔ na Aƒetɔ.
9“Ke ne ame aɖe ku kpata le egbɔ la, amea gblẽ kɔ ɖo na eƒe ɖa la. Anɔ anyi ŋkeke adrẽ, eye le gbe ma gbe la alũ ta, ekema eŋu gakɔ. 10Le ŋkeke enyia gbe la, atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ la nu. 11Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔe. Esia anye ŋutikɔkɔ kɔnu si wòawɔ nɛ elabe ete ɖe ame kuku ŋu hegblẽ kɔ ɖo. Agbugbɔ eƒe taɖa hã ŋu agakɔ gbe ma gbe ke. 12Azɔ la, Mawu ƒe Klu la agbugbɔ adzɔgbe aɖe na Aƒetɔ hena ɣeyiɣi bubu elabe ɣeyiɣi si va yi la ŋu mekɔ o, esi wògblẽ kɔ ɖo na eɖokui ta. Ale ana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka woatsɔ asa fɔɖivɔe nɛ.”
13 #
Dɔw 21.23, 24. Mawu ƒe Klu ƒe se nye esi: “Ne ŋkeke siwo wòkɔ eɖokui ŋu la de la, woakplɔe ava godoƒegbadɔ la nu, 14eye wòatsɔ lã etɔ̃ siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o la ava na Aƒetɔ: alẽvi si xɔ ƒe ɖeka woawɔ numemevɔsae, alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ ŋutifafavɔsae. 15Azɔ la, atsɔ kusi si me abolo ƒomevi siawo le la hã ɖe asi: abolo maʋamaʋã, wɔ memee bolo, abolo si wode amii kple abolo maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo. Emegbe atsɔ nu siwo woawɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa hã akpe ɖe wo ŋu. 16Nunɔla atsɔ nu siawo ava Aƒetɔ gbɔe, eye wòasa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ nɛ. 17Atsɔ agbo la kple kusimenuawo asa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ. Eyome nunɔla la asa nuɖuɖuvɔ kple nunonovɔ nɛ. 18Azɔ la, Mawu ƒe Klu la alũ ta le godoƒegbadɔ la nu, eye wòatsɔ taɖa la ade dzo si dzi wole ŋutifafavɔsa wɔm le la me. 19Ne woɖa agboa ƒe abɔ la, nunɔla la natsɔ wɔ memee bolo ɖeka kple abolo si wode amii la ɖeka le kusia me ade asi na Klu la. 20Esia yome nunɔla la anyè nuawo atsɔ na Aƒetɔ. Nunana kɔkɔe wonye na nunɔla la hekpe ɖe agboa ƒe akɔ kple ata siwo nye etɔ la ŋu. Ne wowɔ kɔnu sia vɔ la, Mawu ƒe Klu la kpɔ mɔ ano wain.
21“Mawu ƒe Kluwo ƒe sewo nye esiawo le nu si wòle be woana Aƒetɔ le ale si woɖe adzɔgbe nɛ la nu. Evɔ ne adzɔgbeɖela ŋutɔ do nu bubu aɖe ŋugbe be yeana akpe esi le sea me la, ele nɛ be wòana wo pɛpɛpɛ le eƒe adzɔgbeɖeɖe la nu.
Nunɔlawo ƒe yayranyawo
22Aƒetɔ gblɔ na Mose be 23wòagblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be: “Ne miele Israelviwo yra ge la, migblɔ na wo be:
24“Aƒetɔ neyra mi ne wòakpɔ mia dzi!
25Aƒetɔ nekɔ ŋkume ɖe mi ne wòave mia nu!
26Aƒetɔ netrɔ mo ɖe mia gbɔ ne wòana ŋutifafa mi!
27“Ne woyɔ nye ŋkɔ tɔ ɖe Israelviwo ŋu alea la, mayra wo.”
Currently Selected:
Mose IV 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.