YouVersion Logo
Search Icon

Mixa 4

4
Aƒetɔ ƒe dziɖuɖu ahe ŋutifafa ava xexea me katã
(Yes 2.1-4)
1Ava eme le ɣeyiɣi mamlɛawo me
be to si dzi Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la le la,
woaɖoe anyi wòanye to kɔkɔtɔ;
woawɔe wòakɔ agbɔ togbɛwo ta.
Dukɔwo ayi afi ma bibibi,
2eye anyigba dzi dukɔwo ava agblɔ be:
Miva, mina míayi Aƒetɔ ƒe to la dzi;
ne míayi Yakob ƒe Mawu la ƒeme
bene wòafia eƒe mɔwo mí,
ne míazɔ eƒe toƒewo!
Elabe se la atso Zion,
eye Aƒetɔ ƒe nya la atso Zion.”
3 # Yes 2.4; Yoel 3.10. Adrɔ̃ nya na dukɔ geɖewo,
eye wòatso nya me
na dukɔ sesẽwo le didiƒe ke.
Woatsɔ woƒe yiwo atu kodzoewoe;
woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.
Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o;
womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã o.
4 # Zax 3.10. Wo dome ame sia ame aɖe dzi ɖi
anɔ eƒe wainka
kple eƒe gboti te bɔkɔɔ,
ame aɖeke magado vɔvɔ̃ na wo o.
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ŋutɔe
ke nu gblɔ nya sia.
5Elabe dukɔwo katã le zɔzɔm,
ɖe sia ɖe le eƒe mawu ŋkɔ me;
ke míawo ya míazɔ le Aƒetɔ,
mía Mawu la ŋkɔ me ɖaa tegbee.
Israel atrɔ gbɔ tso aboyo me
6Aƒetɔ be:
“Gbe ma gbe la,
maƒo tekunɔwo
kple ame siwo wonyà de gbe
kpakple ame siwo mewɔ funyafunyae la nu ƒu.
7Mana tekunɔwo nazu ame siwo susɔ,
eye ame siwo wonyà de gbe la,
nazu dukɔ sesẽ,
eye Aƒetɔ anye fia ɖe wo nu
le Zion-to la dzi tegbee
tso fifia yi mavɔ me.”
8Wò, alẽha la ƒe xɔ tsrala;
wò Zion vinyɔnu ƒe togbɛ,
gbɔwòe wòava,
dziɖuɖu tsãtɔ la ava,
Yerusalem vinyɔnu ƒe dziɖuɖu la.
9Azɔ la, nu ka ta nèle ɣli dom sesĩe ale?
Ɖe fia aɖeke mele mewò oa?
Ɖe wò adaŋudela tsrɔ̃ tae
nèle veve sem
abe nyɔnu si le ku lém la enea?
Alo esi wò adaŋudelawo ku tae mahã?
10Zion-nyɔnu, tro ɖokuiwo naŋè
abe nyɔnu si le ku lém la ene,
elabe ele be miaʋu le dua me aɖanɔ gbedadaƒo.
Miayi ɖe Babilon.
Afi mae woaɖe mi le,
eye Aƒetɔ axɔ mi
tso miaƒe futɔwo si me le afi ma.
11Azɔ la, dukɔ geɖewo va kpe ta ɖe ŋuwò.
Wole gbɔgblɔm be:
“Mina woagblẽ kɔ ɖo nɛ,
mina míalĩ ŋku ɖe Zion dzi!”
12Ke womenya Aƒetɔ ƒe tame o.
Womese eƒe ɖoɖo gɔme o.
Womese egɔme be woƒo ƒu yewo
heli kɔe ɖi abe lubabla ene ɖe lugbɔƒe o.
13“Zion vinyɔnu tso natugu nu,
elabe mawɔ wò dzo wòanye ga yibɔ,
eye wò afɔkli nanye akɔbli.
Miagbã dukɔ geɖewo gudugudu,
eye miakɔ̀ woƒe viɖenuwo ŋu na Aƒetɔ,
miatsɔ woƒe kesinɔnuwo
na xexeme blibo ƒe Aƒetɔ la.

Currently Selected:

Mixa 4: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in