Mixa 3
3
Mixa ka mo na Israel-kplɔlawo
1Mi Yakob ƒe tatɔwo kple edziɖulawo,
miɖo to miase.
Menye miaƒe dɔ wònye be
mianya nu dzɔdzɔe wɔwɔ oa?
2Ke miawo boŋ mielé fu nyui,
eye mielɔ̃ vɔ̃.
Mievuvua agbalẽ le amewo ŋu agbagbee,
eye miefoa lã le woƒe ƒu ŋu.
3Mieɖua nye amewo ƒe lã.
Miefoa agbalẽ le wo ŋu,
gbãa woƒe ƒu,
eye mieflia wo dea ze abe lã ene,
abe lã le detsiƒoze me ene.
4Emegbe woado ɣli ayɔ Aƒetɔ,
ke matɔ na wo o.
Aɣla ŋkume ɖe wo ɣe ma ɣi
elabe wowɔ nuvɔ̃ɖi.
5Ale Aƒetɔ gblɔ na
gbeƒãɖela siwo kplɔa dukɔ la tranae,
ame siwo doa boblo be “Ŋutifafa”
ne wokpɔ nu ɖu,
ke wohoa aʋa ɖe ame siwo menaa naneke wo o la ŋu,
lae nye esi:
6Eya ta zã ado ɖe mi,
miakpɔ ŋutega o.
Blukɔ ado ɖe mi;
afa magaɖi o.
Ɣe aɖo to ɖe gbeƒãɖelawo,
eye ŋkeke azu viviti tsiɖitsiɖi na wo.
7Woaɖi gbɔ nukpɔlawo,
eye woado ŋukpe bokɔwo.
Wo katã amia nu kpoo
elabe Mawu megale nya ŋu ɖom na wo o.
8Ke nye la, wotsɔ ŋusẽ,
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ,
ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
kple ŋutete yɔm taŋ
bene magblɔ Yakob ƒe dzidada
kple Israel ƒe nuvɔ̃ nɛ.
9Mise esia, mi Yakob ƒe tatɔwo,
kple Israel aƒe aƒe la dziɖulawo;
mi ame siwo tsri ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,
eye miegbe nu sɔsɔe wɔwɔ;
10mi ame siwo le Zion tum kple ʋu
eye miele Yerusalem-du la tum
kple nu gbegblẽ wɔwɔ.
11Eƒe tatɔwo xɔa zãnu
hafi tsoa nya me;
eƒe nunɔlawo xɔa ga
hafi fiaa se la,
eye gbeƒãɖelawo xɔa ga
hafi gblɔa gbedeasi.
Evɔ la, woziɔna ɖe Aƒetɔ ŋu gblɔna be:
“Ɖe Aƒetɔ mele mía dome oa?
Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.”
12 #
Yer 26.18. Eya ta woade agble ɖe Zion.
Yerusalem azu glikpo,
eye to si dzi gbedoxɔ la le la azu ave,
le mia ta.
a.
Currently Selected:
Mixa 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Mixa 3
3
Mixa ka mo na Israel-kplɔlawo
1Mi Yakob ƒe tatɔwo kple edziɖulawo,
miɖo to miase.
Menye miaƒe dɔ wònye be
mianya nu dzɔdzɔe wɔwɔ oa?
2Ke miawo boŋ mielé fu nyui,
eye mielɔ̃ vɔ̃.
Mievuvua agbalẽ le amewo ŋu agbagbee,
eye miefoa lã le woƒe ƒu ŋu.
3Mieɖua nye amewo ƒe lã.
Miefoa agbalẽ le wo ŋu,
gbãa woƒe ƒu,
eye mieflia wo dea ze abe lã ene,
abe lã le detsiƒoze me ene.
4Emegbe woado ɣli ayɔ Aƒetɔ,
ke matɔ na wo o.
Aɣla ŋkume ɖe wo ɣe ma ɣi
elabe wowɔ nuvɔ̃ɖi.
5Ale Aƒetɔ gblɔ na
gbeƒãɖela siwo kplɔa dukɔ la tranae,
ame siwo doa boblo be “Ŋutifafa”
ne wokpɔ nu ɖu,
ke wohoa aʋa ɖe ame siwo menaa naneke wo o la ŋu,
lae nye esi:
6Eya ta zã ado ɖe mi,
miakpɔ ŋutega o.
Blukɔ ado ɖe mi;
afa magaɖi o.
Ɣe aɖo to ɖe gbeƒãɖelawo,
eye ŋkeke azu viviti tsiɖitsiɖi na wo.
7Woaɖi gbɔ nukpɔlawo,
eye woado ŋukpe bokɔwo.
Wo katã amia nu kpoo
elabe Mawu megale nya ŋu ɖom na wo o.
8Ke nye la, wotsɔ ŋusẽ,
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ,
ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
kple ŋutete yɔm taŋ
bene magblɔ Yakob ƒe dzidada
kple Israel ƒe nuvɔ̃ nɛ.
9Mise esia, mi Yakob ƒe tatɔwo,
kple Israel aƒe aƒe la dziɖulawo;
mi ame siwo tsri ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,
eye miegbe nu sɔsɔe wɔwɔ;
10mi ame siwo le Zion tum kple ʋu
eye miele Yerusalem-du la tum
kple nu gbegblẽ wɔwɔ.
11Eƒe tatɔwo xɔa zãnu
hafi tsoa nya me;
eƒe nunɔlawo xɔa ga
hafi fiaa se la,
eye gbeƒãɖelawo xɔa ga
hafi gblɔa gbedeasi.
Evɔ la, woziɔna ɖe Aƒetɔ ŋu gblɔna be:
“Ɖe Aƒetɔ mele mía dome oa?
Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.”
12 #
Yer 26.18. Eya ta woade agble ɖe Zion.
Yerusalem azu glikpo,
eye to si dzi gbedoxɔ la le la azu ave,
le mia ta.
a.
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.