Mixa 5
5
1 # 5.1: Esia nye Ta 4.14 le Hebri Biblia me. Azɔ la, woɖo gli ƒo xlã wò,
woƒu kpo ɖe ŋuwò.
Wotsɔ ati ƒo to me
na Israel-kplɔla la.
Mawu do ŋugbe be dziɖula aɖe atso Betlehem ava
2 #
Mat 2.6; Yoh 7.42. #5.2: Esia nye Ta 5.1 le Hebri Biblia me. “Ke wò Betlehem Efrata,
wòe nye du suetɔ kekeake le Yuda-ƒomeawo dome,
gake mewòe dziɖula si aɖu Israel dzi la
adzɔ tso nam.
Dziɖula sia ƒe ƒome li xoxoxo
tso keke gbe aɖe gbe ke.”
3Eya ta aɖe asi le wo ŋu
va se ɖe esime nyɔnu si le ku lém la,
nadzi vi.
Ekema nɔvia siwo susɔ la,
atrɔ gbɔ va wo nɔvi Israelviwo gbɔ.
4Anɔ te anyi eƒe alẽha,
le Aƒetɔ ƒe ŋusẽ me,
le Aƒetɔ, eƒe Mawu ƒe fianyenye ŋkɔ me.
Woanɔ anyi dedie,
elabe azɔ la, anye gã va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
5eye esia anye ŋutifafa.
Aƒetɔ aɖe etɔwo eye wòahe to na futɔwo
Ne Asiriatɔ la va míaƒe anyigba dzi,
eye wòɖo afɔ míaƒe anyigba dzi la,
míadɔ lãkplɔvi adrẽ kple amegã enyi ɖe eŋu.
6 #
Mos I, 10.8-11. Woatsɔ yi aɖu Asiria-nyigba la dzi,
wòaɖu Nimrod dzi
kple yi si wòɖe tso aku me la,
eye woaɖe mí tso Asiriatɔ la si me
ne eva míaƒe anyigba dzi,
eye wòɖo afɔ míaƒe liƒo dzi.
7Ekema Yakob ƒe ame siwo susɔ la,
anɔ dukɔ geɖewo dome abe zãmu tso Aƒetɔ gbɔ
abe agbafie si nyɔna
ɖe gbe dzi si medzɔa amegbetɔ
alo lalaa amegbetɔ viwo o la ene.
8Yakob ƒe ame siwo susɔ la anɔ dukɔwo dome,
le anyigba dzi dukɔwo dome
abe dzata le gbemelãwo dome le ave me,
alo abe dzatavi le alẽhawo dome ene.
Ne eto wo dome la,
xɔnametɔ aɖeke meganɔa anyi o;
edzea wo dzi hevuvua wo.
9Woakɔ wò alɔ dzi
ɖe wò ketɔwo ŋu,
eye wòatsrɔ̃ wò futɔwo katã.
10Aƒetɔ be:
“Gbe ma gbe la,
matsrɔ̃ miaƒe sɔwo ɖa le mia dome,
eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo keŋkeŋ.
11Matsrɔ̃ du siwo le wò anyigba dzi,
eye mamu wò mɔ́ sesẽwo katã aƒu anyi.
12Matsrɔ̃ dzosasa ɖa le asiwò me,
eye bokɔ aɖeke maganɔ asiwò o.
13Matsrɔ̃ miaƒe aklama kpakpɛwo
kple aƒeliwo ɖa le dowòme
eye màgade ta agu
na wò asinudɔwɔwɔwo azɔ o.
14Maho miaƒe nyɔnumawu, Aserawo
ɖa le dowòme,
eye magbã wò duwo keŋ.
15Mabia hlɔ̃ dukɔ siwo gbe
be yewomaɖo tom o la,
le dɔmedzoe kple dziku me.”
Currently Selected:
Mixa 5: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Mixa 5
5
1 # 5.1: Esia nye Ta 4.14 le Hebri Biblia me. Azɔ la, woɖo gli ƒo xlã wò,
woƒu kpo ɖe ŋuwò.
Wotsɔ ati ƒo to me
na Israel-kplɔla la.
Mawu do ŋugbe be dziɖula aɖe atso Betlehem ava
2 #
Mat 2.6; Yoh 7.42. #5.2: Esia nye Ta 5.1 le Hebri Biblia me. “Ke wò Betlehem Efrata,
wòe nye du suetɔ kekeake le Yuda-ƒomeawo dome,
gake mewòe dziɖula si aɖu Israel dzi la
adzɔ tso nam.
Dziɖula sia ƒe ƒome li xoxoxo
tso keke gbe aɖe gbe ke.”
3Eya ta aɖe asi le wo ŋu
va se ɖe esime nyɔnu si le ku lém la,
nadzi vi.
Ekema nɔvia siwo susɔ la,
atrɔ gbɔ va wo nɔvi Israelviwo gbɔ.
4Anɔ te anyi eƒe alẽha,
le Aƒetɔ ƒe ŋusẽ me,
le Aƒetɔ, eƒe Mawu ƒe fianyenye ŋkɔ me.
Woanɔ anyi dedie,
elabe azɔ la, anye gã va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
5eye esia anye ŋutifafa.
Aƒetɔ aɖe etɔwo eye wòahe to na futɔwo
Ne Asiriatɔ la va míaƒe anyigba dzi,
eye wòɖo afɔ míaƒe anyigba dzi la,
míadɔ lãkplɔvi adrẽ kple amegã enyi ɖe eŋu.
6 #
Mos I, 10.8-11. Woatsɔ yi aɖu Asiria-nyigba la dzi,
wòaɖu Nimrod dzi
kple yi si wòɖe tso aku me la,
eye woaɖe mí tso Asiriatɔ la si me
ne eva míaƒe anyigba dzi,
eye wòɖo afɔ míaƒe liƒo dzi.
7Ekema Yakob ƒe ame siwo susɔ la,
anɔ dukɔ geɖewo dome abe zãmu tso Aƒetɔ gbɔ
abe agbafie si nyɔna
ɖe gbe dzi si medzɔa amegbetɔ
alo lalaa amegbetɔ viwo o la ene.
8Yakob ƒe ame siwo susɔ la anɔ dukɔwo dome,
le anyigba dzi dukɔwo dome
abe dzata le gbemelãwo dome le ave me,
alo abe dzatavi le alẽhawo dome ene.
Ne eto wo dome la,
xɔnametɔ aɖeke meganɔa anyi o;
edzea wo dzi hevuvua wo.
9Woakɔ wò alɔ dzi
ɖe wò ketɔwo ŋu,
eye wòatsrɔ̃ wò futɔwo katã.
10Aƒetɔ be:
“Gbe ma gbe la,
matsrɔ̃ miaƒe sɔwo ɖa le mia dome,
eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo keŋkeŋ.
11Matsrɔ̃ du siwo le wò anyigba dzi,
eye mamu wò mɔ́ sesẽwo katã aƒu anyi.
12Matsrɔ̃ dzosasa ɖa le asiwò me,
eye bokɔ aɖeke maganɔ asiwò o.
13Matsrɔ̃ miaƒe aklama kpakpɛwo
kple aƒeliwo ɖa le dowòme
eye màgade ta agu
na wò asinudɔwɔwɔwo azɔ o.
14Maho miaƒe nyɔnumawu, Aserawo
ɖa le dowòme,
eye magbã wò duwo keŋ.
15Mabia hlɔ̃ dukɔ siwo gbe
be yewomaɖo tom o la,
le dɔmedzoe kple dziku me.”
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.