Mixa 2
2
Mawu ahe to na ame siwo tea ame dahewo ɖe anyi
1Baba na ame siwo,
ne wole aba dzi la,
woɖoa vɔ̃ ɖe tame
hewɔa ɖoɖo ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
eye ne agu dze la, woyina ɖawɔnɛ,
elabe ŋusẽ le wo si.
2Agblee biã ŋu na wo o,
woxɔnɛ sesẽe;
xɔe biã ŋu na wo o,
wotsyɔa asi edzi.
Wotea ame kple eƒe ƒometɔwo ɖe anyi,
eye woxɔa woƒe domenyinu le wo si.
3Eya ta Aƒetɔ be:
“Kpɔ ɖa, meɖo nugbe ɖe mia ŋu,
eye miate ŋu aɖe kɔ ɖa le ete o.
Mana miage ɖe xaxa me
ale be miagate ŋu anɔ yiyim dàdatɔe azɔ o,
elabe ɣeyiɣi vɔ̃ wòanye na mi.
4Tso gbe ma gbe la,
woadzi fewuɖuha ɖe mia ŋu,
eye woadzi konyifaha vevie agblɔ be:
Wogblẽ mía dome keŋkeŋ!
Etrɔ nye dukɔ la ƒe gome,
ale ke wòxɔe le asinyee?
Ema míaƒe agblewo
ɖe ame siwo ɖe aboyo mí la dome.”
5Eya ta, ame aɖeke manɔ asiwò adzidze nu,
ada ka le Aƒetɔ ƒe ameha dome o.
6Wole gbɔgblɔm be:
“Dzudzɔ nyagbɔgblɔ!
Ame aɖeke megagblɔ nya
tso nu sia tɔgbe ŋu o!
Womele gbɔ ɖi ge mí o.”
7Ao, Yakob ƒe ƒome, ɖe woagblɔ esia?
Ðe Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ megbɔa dzi ɖi oa?
Ðe nu siawo nye eƒe nuwɔnaa?
Ðe nye nyawo mewɔa nyui
na ame si zɔna
le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me oa?
8“Ke mietso ɖe nye amewo ŋu abe futɔwo ene.
Mieɖe awu ʋlaya le ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ
va tso eme yina ƒe awuwo dzi;
evɔ la, aʋawɔwɔ menɔ tame na wo o.
9Mienyà nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo do goe
le aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me.
Mieɖe nye bubu le wo viwo ŋu ɖikaa.
10Mitso miadzo!
Elabe afi sia menye gbɔɖemeƒe aɖeke o,
le nu makɔmakɔ si gblẽa nu keŋkeŋ la ta.
11Ne ame aɖe akplɔ ya ɖo
anɔ tsatsam anɔ alakpa dam be:
“Magblɔ nya na mi tso
wain kple aha sesẽ ŋu” la,
eya anye nyagblɔla na dukɔ sia.
12O Yakob, maƒo mia nu ƒu godoo;
maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu;
maƒo ƒu wo ɖekae
abe alẽwo ene ɖe alẽkpɔ ɖeka me.
13Ame si agbã glia la,
adze wo ŋgɔ.
Woagbã dua ƒe agbo,
eye woazɔ ato eme ado.
Woƒe Fia, Aƒetɔ ŋutɔ,
adze ŋgɔ na wo.
Currently Selected:
Mixa 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Mixa 2
2
Mawu ahe to na ame siwo tea ame dahewo ɖe anyi
1Baba na ame siwo,
ne wole aba dzi la,
woɖoa vɔ̃ ɖe tame
hewɔa ɖoɖo ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
eye ne agu dze la, woyina ɖawɔnɛ,
elabe ŋusẽ le wo si.
2Agblee biã ŋu na wo o,
woxɔnɛ sesẽe;
xɔe biã ŋu na wo o,
wotsyɔa asi edzi.
Wotea ame kple eƒe ƒometɔwo ɖe anyi,
eye woxɔa woƒe domenyinu le wo si.
3Eya ta Aƒetɔ be:
“Kpɔ ɖa, meɖo nugbe ɖe mia ŋu,
eye miate ŋu aɖe kɔ ɖa le ete o.
Mana miage ɖe xaxa me
ale be miagate ŋu anɔ yiyim dàdatɔe azɔ o,
elabe ɣeyiɣi vɔ̃ wòanye na mi.
4Tso gbe ma gbe la,
woadzi fewuɖuha ɖe mia ŋu,
eye woadzi konyifaha vevie agblɔ be:
Wogblẽ mía dome keŋkeŋ!
Etrɔ nye dukɔ la ƒe gome,
ale ke wòxɔe le asinyee?
Ema míaƒe agblewo
ɖe ame siwo ɖe aboyo mí la dome.”
5Eya ta, ame aɖeke manɔ asiwò adzidze nu,
ada ka le Aƒetɔ ƒe ameha dome o.
6Wole gbɔgblɔm be:
“Dzudzɔ nyagbɔgblɔ!
Ame aɖeke megagblɔ nya
tso nu sia tɔgbe ŋu o!
Womele gbɔ ɖi ge mí o.”
7Ao, Yakob ƒe ƒome, ɖe woagblɔ esia?
Ðe Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ megbɔa dzi ɖi oa?
Ðe nu siawo nye eƒe nuwɔnaa?
Ðe nye nyawo mewɔa nyui
na ame si zɔna
le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me oa?
8“Ke mietso ɖe nye amewo ŋu abe futɔwo ene.
Mieɖe awu ʋlaya le ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ
va tso eme yina ƒe awuwo dzi;
evɔ la, aʋawɔwɔ menɔ tame na wo o.
9Mienyà nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo do goe
le aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me.
Mieɖe nye bubu le wo viwo ŋu ɖikaa.
10Mitso miadzo!
Elabe afi sia menye gbɔɖemeƒe aɖeke o,
le nu makɔmakɔ si gblẽa nu keŋkeŋ la ta.
11Ne ame aɖe akplɔ ya ɖo
anɔ tsatsam anɔ alakpa dam be:
“Magblɔ nya na mi tso
wain kple aha sesẽ ŋu” la,
eya anye nyagblɔla na dukɔ sia.
12O Yakob, maƒo mia nu ƒu godoo;
maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu;
maƒo ƒu wo ɖekae
abe alẽwo ene ɖe alẽkpɔ ɖeka me.
13Ame si agbã glia la,
adze wo ŋgɔ.
Woagbã dua ƒe agbo,
eye woazɔ ato eme ado.
Woƒe Fia, Aƒetɔ ŋutɔ,
adze ŋgɔ na wo.
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.