Yosua 6
6
Israelviwo gbã Yerixo
1Azɔ le Israelviwo ta la, wodo Yerixo-dua ƒe agbowo le eme, de ga wo me, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe dua me loo, alo ado go tso eme o. 2Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo-dua, dufia la kple eƒe aʋawɔlawo katã de asi na wò. 3Wò kple wò aʋawɔlawo katã mizɔ ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka gbe sia gbe. Miwɔ nenema ŋkeke ade. 4Nunɔla adrẽ natsɔ agbodzokpẽawo adze nubablaɖaka la ŋgɔ. Le ŋkeke adrẽa gbe la, wò kple nunɔlaawo miaƒo xlã dua kpe ɖo zi adrẽ, nunɔlaawo nanɔ kpẽawo kum. 5Ne woku kpẽawo, eye wohe wo me ʋuu miese ko la, ekema dukɔ blibo la nedo ɣli hoo sesĩe. Yerixo-dua ƒe gliwo amu adze anyi. Ekema Israelviwo nelũ ɖe emenɔlawo dzi.” 6Ale Yosua, Nun vi la, yɔ nunɔlaawo, eye wògblɔ na wo be: “Mikɔ nubablaɖaka la, eye mina mia dometɔ adrẽ natsɔ kpẽawo adze ŋgɔ.” 7Azɔ la, eɖe gbe na wo be: “Miyi ŋgɔ. Mizɔ ƒo xlã dua. Mina akpablalaawo nanɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”
8Abe ale si Yosua gblɔ na dukɔa ene la, nunɔla adrẽ siwo nɔ Aƒetɔ ŋgɔ kple agbodzokpẽ adrẽawo la, zɔ yi ŋgɔ, nɔ kpẽawo kum, eye Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la nɔ wo yome. 9Akpablalawo nɔ ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpẽawo kum, eye megbexelawo nɔ aɖaka la yome esime kpẽawo nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe. 10Ke Yosua gblɔ na ameawo be: “Migado ɣli o, migana woase miaƒe gbe o, ame aɖeke megaƒo nu hã o, va se ɖe gbe si gbe maɖe gbe be mido ɣli.” 11Ale wòna wotsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka gbe ma gbe, eye wogbugbɔ va asaɖa la me hetsi afi ma dɔ.
12Tete Yosua fɔ ŋdi kanyaa, eye nunɔlawo tsɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la. 13Nunɔla adrẽ siwo tsɔ agbodzokpẽawo la nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ŋgɔ va yi, nɔ kpẽawo kum madzudzɔmadzudzɔe. Akpablalawo dze wo ŋgɔ, eye megbexelawo nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la yome esime kpẽawo nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe. 14Evea gbe wogazɔ ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka, eye wogbugbɔ yi ɖe asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.
15Le ŋkeke adrẽa gbe la, wofɔ fɔŋli, eye wozɔ ƒo xlã dua kpe ɖo, abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene, zigbɔzi adrẽ. Gbe ma gbe koe wozɔ ƒo xlã dua zi adrẽ. 16Hafi woaƒo xlãe zi adrẽlia la, nunɔla kpẽkulaawo dzra ɖo ɖe kpẽawo kuku ŋu. Yosua gblɔ na dukɔa be: “Dzidzɔɣli neɖi, elabe Aƒetɔ tsɔ dua de asi na mi! 17Migbã dua. Mitsrɔ̃ nu siwo katã le eme la keŋkeŋ na Aƒetɔ negbe Raxab, gbolo la kple eƒemetɔwo dzaa ko miagblẽ ɖi, elabe eyae xɔ na ame siwo míedɔ la to wo ɣaɣla me. 18Ke nu siwo wòle be miatsrɔ̃ keŋkeŋ la, busunuwo wonye; mia dometɔ aɖeke negatsɔ ɖeke kura o. Ne ame aɖe te kpɔ tsɔ ɖe la, akplɔ dzɔgbevɔ̃e aƒu mi, eye Israel ƒe asaɖa la me nɔlawo atsrɔ̃ keŋkeŋ. 19Ke nu siwo katã wotsɔ klosalo, sika, akɔbli kple ga yibɔ wɔ la, Aƒetɔ ƒe nu kɔkɔewoe wonye. Milɔ woawo ya va eƒe nudzraɖoƒe la.” 20#Heb 11.30. Esi Yosua wu eƒe nuƒoa nu la, ameawo do dzidzɔɣli, eye nunɔla kpẽkulaawo ku kpẽawo. Kaka dukɔa nase kpẽawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye bobobo. Kasia dua ƒe gliwo mu dze anyi gbloo, ame sia ame zɔ to eŋgɔ tẽe ge ɖe eme, eye woxɔ dua. 21Tete woɖe yi ɖe ŋutsu kple nyɔnu, ɖevi kple ame tsitsi, nyitsu, alẽ kple tedziwo siaa dzi hewu wo katã.
22Azɔ Yosua gblɔ na ŋutsu eve siwo de ɖatsa ŋku le anyigba la dzi la be: “Miyi ɖe gbolo la ƒeme. Mikplɔ eya kple eƒe ƒometɔwo katã doe abe ale si mieka atam nɛ ene.” 23Ale ŋkutsalaawo yi ɖakplɔ Raxab, tɔ́a kple nɔa, nɔvia ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔ bubuawo katã vɛ, eye wona nɔƒe wo ɖe Israel ƒe asaɖa la xa. 24Tete wotɔ dzo dua kple nu siwo katã le eme, eye wofiã keŋkeŋ, negbe nu siwo wotsɔ klosalo, sika, akɔbli alo ga yibɔ wɔ la koe susɔ wolɔ va kɔ ɖe nudzraɖoƒe le Aƒetɔ ƒeme. 25#Heb 11.31. Ke Yosua na Raxab, tɔ́a ƒometɔwo kple eya ŋutɔ ƒometɔwo tsi agbe, elabe eyae ɣla ŋkutsala siwo wòdɔ ɖo ɖe Yerixo-dua me la. Raxab ƒe dzidzimeviwo gale Israel-dukɔa me va se ɖe egbe.
26 #
Fia I, 16.34. Tete Yosua ka atam be: “Ame si ke atso be yeagbugbɔ Yerixo-du sia agatso la, Aƒetɔ nena wòaɖi eŋu kpékpekpe.
Ame si ɖo dua gɔme anyi la,
eƒe ŋgɔgbeviŋutsuvi aku;
ame si ade agbo dua nu la,
woaɖi eƒe dɔmlɔea ŋutsu.”
27Ale Aƒetɔ nɔ kple Yosua, eye amewo ƒo nu nyui le eŋu le dukɔa me godoo.
Currently Selected:
Yosua 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.