Yosua 23
23
Yosua klã Israelviwo
1Le esiawo megbe la, Aƒetɔ na Israelviwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo godoo la si me. Wonɔ anyi alea ɣeyiɣi didi aɖe. Ke Yosua va tsi zu amegãɖeɖi. 2Eya ta eyɔ Israelviwo katã, woƒe ame tsitsiwo, tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo eye wògblɔ na wo be: “Fifia la, metsi: mexɔ ƒè geɖee. 3Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu la xa ɖe mia ta tu kple dukɔ siwo katã ƒo xlã mi la. Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋutɔ xɔ aʋa ɖe sia ɖe wɔ na mi. 4Kpɔ ɖa! Mema dukɔ siwo susɔ la ƒe anyigbawo na miaƒe toawo, wozu woƒe domenyinu, hekpe ɖe dukɔ siwo katã dzi meɖu va yi la tɔwo ŋu, tso Yordan-tɔsisi nu le ɣedzeƒe gome va se ɖe Domeƒu la nu le ɣetoɖoƒe gome. 5Aƒetɔ, mia Mawu la, ana futɔawo agbugbɔ ayi megbe le mia ŋgɔ, eye wòanyà wo ɖa keŋkeŋ. Miegale wo kpɔ ge o. Ale miaxɔ woƒe anyigba abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbe na mi ene. 6Eya ta minɔ te sesĩe eye milé nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye mizɔ ɖe wo nu. Migagblẽ akpa aɖeke ɖi o. 7Migatsaka kple dukɔ siwo susɔ ɖe mia dome la me tɔwo o. Migayɔ woƒe mawuwo ŋkɔ, tsɔ wo ata nui, subɔ wo alo ade ta agu na wo o. 8Ke boŋ miku ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu abe ale si mieku ɖe eŋu va se ɖe egbe ene. 9Aƒetɔ nyà dukɔ gã triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye va se ɖe fifi la, ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu kpɔ o. 10#Mos V, 32.30; Mos V, 3.22. Mia dome ame ɖeka te ŋu nyàa ame akpe ɖeka ɖe du nu, elabe Aƒetɔ, mia Mawu lae wɔa aʋa na mi, abe ale si wòdo ŋugbe na mii ene. 11Eya ta milé be na mia ɖokui nyuie ne mialɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la. 12Ke ne miedzudzɔ nuteƒewɔwɔ, le agbe blibaa kple dukɔ siwo susɔ ɖe mia dome la me tɔwo, de asi wo ɖeɖe me la, 13ekema evɔ na mi. Minya nyuie be Aƒetɔ, mia Mawu la, maganyà dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ azɔ o. Woazu mɔ̀ tetre ƒomevi vovovowo anɔ mia dome; woanɔ abe ameƒotie wotsɔ le axadame ƒom na mi alo ŋue ge ɖe ŋkume na mi ene. Anɔ alea va se ɖe esime miatsrɔ̃ keŋkeŋ le anyigba sia, si Aƒetɔ, Mawu la na mi la dzi.
14“Azɔ la, nye kuɣi ɖo. Mia dome ame sia ame kpɔe dze sii kɔtɛe le eƒe dzi kple luʋɔ me, be miaƒe asi su nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na mi la dzi, eye mete ɖeka pɛ hã mi o. 15Ke abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la, wɔ eƒe ŋugbe siwo katã wòdo na mi la dzi pɛpɛpɛ ene la, nenema tututu wòahe nuvɔ̃ɖi siwo keŋ wògblɔ be yeatrɔ akɔ ɖe mia dzi, ne mieɖo to ye o la, ava mia dzi vavã, ne miedze aglã ɖe eŋu. 16Ne mietu Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe nu, si wòbla kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubu hede ta agu nɛ la, baba na mi! Aƒetɔ ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu vevie, atsrɔ̃ mi alɔ tsɔtsɔe, miavɔ keŋ le anyigba si wòna mi la dzi.”
Currently Selected:
Yosua 23: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.