Bible App logo
Search Icon

Yosua 22

22
Yosua ɖe mɔ na to siwo le ɣedzeƒe gome la woyi wo nɔƒewo
1Tete Yosua yɔ Ruben kple Gad towo me tɔwo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ la me tɔwo ƒo ƒu. 2#Mos IV, 32.20-32; Yos 1.12-15. Egblɔ na wo be: “Miewɔ nu siwo katã Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ na mi be miwɔ la pɛpɛpɛ, eye miese nye hã nye gbe hewɔ nu sia nu si megblɔ be miwɔ la. 3Le ɣeyiɣi siwo katã va yi me va se ɖe egbe la, miegblẽ mia nɔviwo ɖi kpɔ o; mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe dzi. 4Ke azɔ la, abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbee ene la, ena mia nɔviwo ƒe dzi dze eme. Eya ta fifia la, migbugbɔ yi mia nɔƒe le anyigba si Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la na mi le ɣedzeƒe gome le Yordan-tɔsisi la godo la dzi. 5Ke mikpɔ egbɔ be yewolé ɖoɖo kple se siwo katã Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ na mi la me ɖe asi. Ebe milɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nuwo katã me, miwɔ eƒe ɖoɖowo dzi, miwɔ nuteƒe nɛ ɖaa, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.” 6Tete Yosua yra wo, do mɔ wo, eye wodzo yi woƒe aƒewo me.
7Azɔ la Mose na anyigba Manase-to afã ɖe Basan. Ke Yosua na anyigba afã mamlɛa ɖe wo nɔviwo gbɔ le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Yosua do mɔ wo ɖo ɖe wo nɔƒewo la, eyra wo. 8Egblɔ na wo be: “Mitrɔ yi mia nɔƒewo kple kesinɔnu gbogbo siwo miekpɔ. Lãha gbogbo, klosalo, sika, akɔbli, ga yibɔ kple nudodowo, su mia si. Mima futɔawo ƒe aboyonuawo kple mia nɔviwo.” 9Ale Ruben kple Gad toawo me tɔwo kple Manase-to afã me tɔawo gbugbɔ yi wo nɔƒe. Woklã ɖa tso wo nɔvi Israelvi bubuawo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi, eye woɖo ta Gilead-nyigba si Aƒetɔ na wo to Mose dzi wòva zu wo tɔ la dzi.
Israel-to siwo le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ
10Esi Ruben kple Gad kple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ va ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, woɖi vɔsamlekpui gã aɖe si nyakpɔ ŋutɔ la ɖe Yordan-tɔsisi la to. 11Tete wogblɔ na wo nɔvi Israelvi bubuawo be: “Mía tɔwo! Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase viwo ƒe to afã va ɖi vɔsamlekpui ɖe Yordan-tɔsisi to le míaƒe akpa dzi.” 12Esi Israelviwo se nya sia la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo be yewoaho aʋa ɖe to siwo le ɣedzeƒe gome la ŋu.
13Tete Israelviwo dɔ Pinehas, nunɔla Eleazar vi, ɖo ɖe Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ si le Gilead-nyigba dzi la gbɔ. 14Woɖe ame ŋkuta ewo hã kpe ɖe Pinehas ŋu. Ame siawo tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye wonye ƒometatɔwo le ƒomeawo me. 15Wova Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ la gbɔ le Gilead-nyigba dzi, eye wogblɔ na wo be: 16#Mos V, 12.13, 14. “Ale ke wɔ miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, ɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui hetrɔ le eyome egbe? Nu ka ta miewɔ nuvɔ̃ɖi sia ɖe Israel Mawu la ŋu? 17#Mos IV, 25.1-9. Mele be míaŋlɔ nuvɔ̃ si míewɔ le Peor la ƒe yomedzenu be o. Ðe menye dɔ vɔ̃e va ɖo Aƒetɔ ŋutɔ ƒe ameha la dome oa? Míeklɔ mía ɖokui ŋuti gɔ̃ hã vɔ o ɖe! Tohehe sia mesu mí oa? 18Ale ke wɔ miebe yewoagbugbɔ le Aƒetɔ yome azɔ? Ne miawo ɖeɖe miegbugbɔ le Aƒetɔ yome egbe la, Israel-dukɔ blibo la ŋue wòle dɔmedzoe do ge ɖo etsɔ si gbɔna. 19Ke azɔ la, nenye be miaƒe anyigba la ŋu mekɔ o la, ekema mitrɔ va Aƒetɔ ƒe anyigba me le afii, afi si eƒe nɔƒe la le, ne miadi anyigba ɖe mía dome. Ke ne miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu heɖi vɔsamlekpui bubu na mia ɖokui kpe ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ ŋu la, woabu míawo hã aglãdzelawoe akpe ɖe mia ŋu. 20#Yos 7.1-26. Esi Axan, Serax vi la, meto nyateƒe le busunuawo ƒe nya la me o la, nu kae dzɔ? Aƒetɔ he to na Israel- dukɔ blibo la. Menye Axan ɖeɖe koe ku le nuvɔ̃ si wòwɔ la ta o, ke boŋ Israelvi bubu geɖewo hã ku, le nuvɔ̃ si eya ɖeka wɔ la ta.”
21Tete Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me tɔwo ɖo eŋu na ƒometatɔ siwo tso Israelviwo dome va la be: 22“Mawu ŋusẽtɔ ɖeka la! Eyae nye Aƒetɔ! Ŋusẽtɔ ɖeka lae nye Mawu! Eyae nye Aƒetɔ! Eya ŋutɔ nya nu si ta míewɔ nu sia ɖo. Israel-dukɔ hã nenyae! Nenye aglãe míebe míadze alo atu nu, si míebla kple Aƒetɔ la, ekema mitsrɔ̃ mí fifi laa! 23Nenye ɖe míeɖi vɔsamlekpui la be míagbugbɔ le Aƒetɔ yome, alo ɖe míeɖii be míanɔ numemevɔ, nuɖuɖuvɔ alo ŋutifafavɔ sam le edzi la, Aƒetɔ ŋutɔ nehe to na mí vevie. 24Madzɔ akpɔ o! Etsɔ si gbɔna tae míeɖii ɖo. Míevɔ̃ be gbe aɖe gbe la, miaƒe dzidzimeviwo ava bia mía tɔwo be: ‘Kadodo kae le mi kple Aƒetɔ, Israel Mawu la dome? 25Etsɔ Yordan-tɔsisi la do liƒo na míawo kpakple mi Ruben viwo kple Gad viwo. Kadodo aɖeke mele mia kple Aƒetɔ dome o.’ Ale miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo adzudzɔ Aƒetɔ subɔsubɔ. 26Esia tae míeɖi vɔsamlekpui la ɖo, ke menye ɖe míeɖii be míanɔ numemevɔ alo ŋutifafavɔ sam le edzi o. 27Dzesi si anye ɖase anɔ mí kple miawo, míaƒe dzidzimevi kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ dome lae. Dzesi sia afia wo be míawo hã míesubɔa Aƒetɔ le eya ŋutɔ ŋkume kple míaƒe numemevɔsa kpakple ŋutifafavɔsa. Ne menye nenema o la, miaƒe dzidzimeviwo ava gblɔ na míaƒe dzidzimeviwo gbe aɖe gbe be: ‘Gome aɖeke mele Aƒetɔ gbɔ na mi o.’ 28Ale míebu be nenye be wova gblɔ nya sia na míawo ŋutɔ alo míaƒe dzidzimeviwo gbe aɖe gbe la, ekema míagblɔ be: ‘Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui tɔgbe tututu mía tɔgbuiwo ɖi. Mikpɔe ɖa! Menye numemevɔ alo ŋutifafavɔ sasa tae woɖii ɖo o, ke boŋ be wòanye dzesi be míawo hã Aƒetɔ tɔwo míenye.’ 29Vɔ̃ neto dzi! Mava susu me na mí gbeɖegbeɖe be míadze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, agbugbɔ le eyome egbe, eye míaɖi vɔsamlekpui si dzi míanɔ numemevɔ, nuɖuɖuvɔ kple ŋutifafavɔ sam le o. Mímele vɔsamlekpui bubu aɖeke ɖi ge wu Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ, si le eƒe agbadɔ la ŋgɔ akpɔ o.”
30Esi nunɔla Pinehas kple ƒometatɔawo se Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me tɔwo ƒe nyameɖeɖea la, edze wo ŋu. 31Ale Pinehas, nunɔla Eleazar vi la gblɔ na wo be: “Míenya azɔ be Aƒetɔ le mía dome elabe miedze aglã ɖe eŋu o, ale miexɔ Israel-dukɔ la ɖe agbe tso Aƒetɔ si me.”
32Tete Pinehas kple ame ŋkuta siwo kpe ɖe eŋu la trɔ tso Ruben viwo kple Gad viwo gbɔ le Gilead-nyigba dzi heva Israelviwo gbɔ le Kanaan-nyigba dzi, eye wogblɔ dɔgbedenya la na wo. 33Nya si wova gblɔ la dze Israelviwo ŋu eye wokafu Mawu. Ale womegadi be yewoaho aʋa ɖe Ruben viwo kple Gad viwo ŋu ahagblẽ anyigba si dzi wole la o. 34Ruben viwo kple Gad viwo gblɔ be: “Vɔsamlekpui sia le ɖase ɖim na mí katã be Aƒetɔ nye Mawu.” Ale wona ŋkɔe be “Ðaseɖiɖi.”

Currently Selected:

Yosua 22: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in