Yosua 24
24
Yosua ƒe nuƒo mamlɛtɔ na Israelviwo katã
1Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem. Eyɔ ame tsitsiwo, tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo wova le tsitre ɖe Mawu ŋkume. 2#Mos I, 11.27. Tete wòƒo nu na ameha la katã gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be: ‘Le blema la, mia tɔgbuiwo nɔ Frat-tɔsisi godo afi si wosubɔ mawu bubu le. Mia tɔgbuiawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Tarax si nye Abraham kple Naxor tɔ́. 3#Mos I, 12.1-9; Mos I, 21.1-3. Tete mekplɔ mia tɔgbui Abraham tso Frat-tɔsisia godo va afii, eye mena wòtsa le Kanaan-nyigba blibo la dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi. Metsɔ Isak nɛ, 4#Mos I, 25.24-26; Mos I, 36.8; Mos V, 2.5; Mos I, 46.1-7. eye metsɔ Yakob kple Esau na Isak hã. Metsɔ Seir- tonyigba na Esau, ke mia tɔgbui Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte. 5#Mos II, 3.1—12.42. Azɔ medɔ Mose kple Aron ɖa eye mewɔ nu geɖe tsɔ ɖe fu na Egiptetɔwo. Emegbe la, mekplɔ mi dzoe. 6#Mos II, 14.1-31. Esi mekplɔ mia tɔgbuiwo dzoe le Egipte va ɖo Aƒlaƒu la nu la, Egiptetɔwo ti wo yome kple tasiaɖam kple sɔwo va do ɖe afi ma. 7Tete wodo ɣli yɔm. Ale mena viviti do hema mi kple Egiptetɔwo dome. Mena ƒu la ŋe gbagba ɖe Egiptetɔwo dzi, eye wotsi eme ku. Nu si metu kple Egiptetɔwo la, miawo ŋutɔ miekpɔe kple ŋku. Azɔ la, mieva nɔ gbedadaƒo ɣeyiɣi didi aɖe. 8#Mos IV, 21.21-35. Tete mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yordan-tɔsisi ƒe ɣedzeƒe gome. Wowɔ aʋa kpli mi, ke mena mieɖu wo dzi hexɔ woƒe anyigba le wo si, eye metsrɔ̃ wo ɖa le mia ŋgɔ. 9#Mos IV, 22.1—24.25.Azɔ Moab-fia Balak, Zipor vi, ho va wɔ aʋa kpli mi. Edɔ woyi ɖayɔ Bileam, Beor vi, vɛ be wòaƒo fi ade mi. 10Ke megbe toɖoɖo Bileam eye wòyra mi boŋ. Ale meɖe mi tso esime. 11#Yos 3.14-17; Yos 6.1-21. Eyome mietso Yordan-tɔsisi la va Yerixo, eye Yerixotɔwo wɔ aʋa kpli mi. Nenema ke Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo hã va wɔ aʋa kpli mi eye mena mieɖu wo katã dzi. 12#Mos II, 23.28; Mos V, 7.20. Menyà Amoritɔwo ƒe fia eveawo ɖa le mia ŋgɔ. Wotɔtɔ le du dzi abe nutéame aɖewoe kplɔ wo ɖo ene. Menye miaƒe yi alo dae ye wɔe o. 13#Mos V, 6.10, 11. Metsɔ anyigba si ta miekpe fu aɖeke ɖo kpɔ o la na mi. Nenema ke metsɔ du siwo mietso o la hã na mi be mianɔ wo me. Azɔ metsɔ wainbɔ kple amitibɔ siwo mietso o la na mi be miaɖu wo me kutsetsewo.”
14“Eya ta azɔ la, mivɔ̃ Aƒetɔ. Mixɔ edzi se blibo eye misubɔe le nyateƒe me. Mawu si mia tɔgbuiwo subɔ le Mesopotamia kple Egipte la, miɖee ɖa le mia dome, eye misubɔ Aƒetɔ ɖeɖe ko. 15Ke ne Aƒetɔ subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia mawu si miedi be yewoasubɔ azɔ, egbe ɖeka. Mawu si mia tɔgbuiwo subɔ le Mesopotamia lae loo, alo mawu si Amoritɔ siwo ƒe anyigba dzi miele fifia la subɔna la yea? Ke nye kple nye aƒemetɔwo ya la, Aƒetɔ ko míasubɔ.”
16Tete ameha la ɖo eŋu be: “Míagblẽ Aƒetɔ ɖi aɖasubɔ mawu bubua? Madzɔ akpɔ o! 17Esime míenye kluviwo le Egipte la, Aƒetɔ, mía Mawu lae kplɔ mía kple mía tɔgbuiwo tso afi mae, eye wòwɔ nukunu gãwo míekpɔ. Eyae kpɔ mía ta míenɔ dedie le míaƒe mɔzɔzɔ blibo la me le dukɔ siwo katã me míeto la me. 18Esi míegbɔna anyigba sia dzi la, Aƒetɔ nyà Amoritɔ siwo katã le anyigba la dzi la ɖa le mía ŋgɔ. Eya ta míawo hã Aƒetɔ ko míasubɔ, elabe eyae nye mía Mawu.” 19Ke Yosua gblɔ na ameha la be: “Miate ŋu asubɔ Aƒetɔ o, elabe Mawu kɔkɔe wònye; Mawu ʋãŋue. Matsɔ miaƒe vodadawo alo miaƒe nuvɔ̃wo ake mi o. 20Togbɔ be Aƒetɔ wɔ nyui na mi kpɔ va yi hã la, ne miegbe esubɔsubɔ, eye miesubɔ mawu bubu aɖe la, ekema aɖe kɔ ɖa le mia ŋu, ahe vɔ̃ ava mia dzi, eye wòatsrɔ̃ mi.” 21Ameha la gblɔ na Yosua be: “Gbeɖe! Aƒetɔ ko míasubɔ.” 22Yosua gblɔ na wo be: “Yoo, miawo ŋutɔe nye ɖasefo na mia ɖokui be yewotia Aƒetɔ be yewoasubɔ.” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miawo ŋutɔe nye ɖasefoa.” 23Egblɔ na wo be: “Ekema miɖe mawu bubu siwo le mia dome la ɖa, eye mitsɔ miaƒe dzi na Aƒetɔ, Israel Mawu la.” 24Tete ameha la gblɔ na Yosua be: “Aƒetɔ, mía Mawu la ko míasubɔ. Eya ƒe gbe dzi ko míawɔ.” 25Ale Yosua bla nu kple dukɔ la gbe ma gbe le Sixem, eye wòwɔ sewo kple ɖoɖowo na wo. 26Yosua ŋlɔ nya siawo ɖe Mawu ƒe segbalẽ la me. Azɔ eɖi kpe gã aɖe ɖe afi ma ɖe logoti si le Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒea gbɔ la te. 27Egblɔ na ameha blibo la be: “Mikpɔ ɖa, kpe sia anye míaƒe ɖasefo. Ese nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la. Eya ta anye ɖasefo ɖe mia ŋu ale be miagasẽ nu ɖe mia Mawu la ŋu o.” 28Emegbe Yosua ɖe asi le ameha la ŋu, eye ame sia ame trɔ yi eƒe anyigba dzi.
Yosua kple Eleazar ku
29Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Aƒetɔ ƒe dɔla Yosua, Nun vi la ku, esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. 30#Yos 19.49, 50. Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat-Serax, si le Efrayim-tonyigba dzi le Gaas-to ƒe dzigbeme.
31Le Yosua ƒe agbenɔɣi blibo la me la, Israelviwo subɔ Aƒetɔ. Le eƒe ku megbe hã la, woyi dzi subɔ Aƒetɔ le woƒe ame tsitsiwo ƒe kpɔkplɔ te. Ame tsitsi siawo nɔ agbe le Yosua ŋɔli eye woawo ŋutɔ kpɔ nu siwo katã Aƒetɔ wɔ na dukɔ la.
32 #
Mos I, 33.19; 50.24, 25; Mos II, 13.19; Yoh 4.5; Dɔw 7.16. Azɔ Israelviwo ɖi Yosef ƒe ƒu siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la ɖe Yakob ƒe anyigba dzi le Sixem. Yakob ƒle anyigba sia le Xamor, Sixem tɔ́a viwo si klosaloga alafa ɖeka. Emegbe anyigba la va zu Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe domenyinu.
33Eleazar, Aron vi, hã va ku, eye woɖii ɖe Gibea. Wotsɔ Gibea-du sia, si le tonyigba dzi le Efrayim la na via Pinehas tsã.
Currently Selected:
Yosua 24: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.