Ɖelawo 11
11
1Yefta nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Gilead, ke gbolo aɖe vi wònye. Tɔ́a ŋkɔe nye Gilead. 2Gilead srɔ̃ dzi viŋutsuviwo nɛ, eye esi ɖeviawo tsi la, wonyà Yefta le wo tɔ́ ƒeme. Wogblɔ nɛ be: “Wòa mànyi mía tɔ́ ƒe dome o; nyɔnu bubu vie nènye.” 3Tete Yefta sí le nɔviawo nu yi ɖanɔ Tob-nyigba dzi. Ame ɖigbɔwo va bɔa ha kplii le afi ma, eye wòkplɔa wo nɔa adzogbe yimee.
4Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, aʋa dzɔ ɖe Amon viwo kple Israelviwo dome. 5Esi aʋa la dzɔ la, Gilead-me tsitsiwo yi be yewoaɖakplɔ Yefta tso Tob-nyigba dzi vɛ. 6Wogblɔ na Yefta be: “Va nye míaƒe aʋakplɔla, ne míawɔ aʋa kple Amon viwo.” 7Ke Yefta ɖo eŋu na wo be: “Mielé fum vevie henyàm do goe tso tɔ́nye ƒeme. Nu ka ta miava nɔ diyem esime mieɖo xaxa me?” 8Ame tsitsiawo gblɔ na Yefta be: “Esia ta tututue míeva be míakpɔ wò ɖo. Míedi be nàyi kpli mí, míaɖawɔ aʋa kple Amon viwo. Emegbe la, nàzu Gileadtɔwo katã kplɔla.” 9Yefta gblɔ na wo be: “Ne miekplɔm meyi ɖawɔ aʋa kple Amon viwo, eye Aƒetɔ na meɖu dzi la, ekema manye miaƒe tatɔ.” 10Ame tsitsiawo ɖo eŋu be: “Míelɔ̃ ɖe wò nya la dzi. Míaƒe ɖasefoe nye Aƒetɔ.” 11Ale Yefta yi kple ame tsitsiawo, eye wona wòzu woƒe tatɔ kple wo kplɔla. Yefta gblɔ eƒe nyawo katã le Aƒetɔ ŋkume le Mizpa.
12Yefta dɔ amewo ɖo ɖe Amon viwo ƒe fia gbɔ be woabia be: “Dzre ka le mía dome? Nu ka ta nètso ɖe ŋunye be yeawɔ aʋa kple nye dukɔ?” 13Amon viwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe amedɔdɔawo be: “Esime Israel-dukɔ tso Egipte va la, exɔ nye anyigba. Anyigba si wòxɔ la tso Arnon-tɔsisi la nu va se ɖe Yabok-tɔsisi kple Yordan-tɔsisi nu. Eya ta azɔ la, gbugbɔe nam kpoo!” 14Yefta gadɔ amewo ɖo ɖe Amon viwo ƒe fia gbɔ ake. 15Egblɔ ɖo ɖee be: “Nye Yefta ŋutɔe le nya sia gblɔm: Israel-dukɔ la mexɔ anyigba aɖeke le Moabtɔwo kple Amonviwo si o. 16Nya lae nye be esi Israel-dukɔ tso Egipte gbɔna la, woto gbedadaƒo va Aƒlaƒu la nu va ɖo Kades. 17#Mos IV, 20.14-21.Wodɔ ame ɖo ɖe Edom-fia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi. Ke egbe. Wodɔ ame ɖo ɖe Moab-fia hã gbɔ; ke eya hã gbe. Ale wɔ Israel-dukɔ la tsi Kades. 18#Mos IV, 21.4.Emegbe la, woto gbedadaƒo heƒo xlã Edom-nyigba kple Moab-nyigba va se ɖe esime wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome le Arnon-tɔsisi ƒe go kemɛ dzi. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabe Arnon-tɔsisi lae do liƒo na Moab-nyigba. 19#Mos IV, 21.21-24.Azɔ la, Israelviwo dɔ ame ɖo ɖe Amoritɔwo ƒe fia Sixon si nɔ Xesbon la gbɔ, be wòaɖe mɔ na yewo ne yewoato eƒe anyigba dzi ayi va se ɖe esime yewode afi si yewoyina. 20Ke Sixon meka ɖe Israelviwo dzi ne wòana woato eƒe anyigba dzi ayi o. Ale Sixon ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Yoza heho aʋa ɖe Israelviwo ŋu. 21Tete Aƒetɔ, Israel Mawu la na Israelviwo ɖu Sixon kple eƒe aʋakɔ blibo la dzi, eye woxɔ Amoritɔ siwo nye anyigbadzitɔwo la ƒe anyigba blibo la wòzu wo tɔ. 22Woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba blibo la tso Arnon-tɔsisi la nu le anyigbeme va se ɖe Yabok-tɔsisi la nu le dzigbeme, eye wògatso gbedadaƒo le ɣedzeƒe gome va se ɖe Yordan-tɔsisi la nu le ɣetoɖoƒe gome. 23Ale wɔ Aƒetɔ, Israel Mawu la nyà Amoritɔwo ɖa le eƒe dukɔ la ŋgɔ, hexɔ woƒe anyigba la le wo si. Nu ka ta wò ya nèbe yeaxɔe azɔ? 24Nu si wò mawu Kemos tsɔ na wò la, malée ɖe asi oa? Ke dukɔ siwo katã Aƒetɔ, mía Mawu la nyà ɖa le mía ŋgɔ la ƒe anyigba ya mía tɔe. 25#Mos IV, 22.1-6.Wòe de ŋgɔ wu Moab-fia Balak, Zipor vi la? Etsi tre ɖe Israel-dukɔ la ŋu kpɔa? Ewɔ aʋa kplii kpɔa? 26Ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ nye esi, esime Israelviwo nɔ Xesbon kple eƒe duwo me, Aroer kple eƒe duwo me kpakple du siwo katã le Arnon-tɔsisi la ƒe gowo dzi la me. Nu ka ta miexɔ duawo le wo si le ɣeyiɣi siawo me o? 27Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o. Nu ka ta wò ya nèwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye heho aʋa ɖe ŋunye? Aƒetɔ ye nye ʋɔnudrɔ̃la la. Adrɔ̃e na Israelviwo kple Amon viwo egbe ɖeka.” 28Ke Amon viwo ƒe fia metsɔ ɖeke le Yefta ƒe nya la me o.
29Tete Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi. Eto Gilead kple Manase va do ɖe Mizpa le Gilead, eye wòho tso afi ma va ɖo Amon viwo gbɔ. 30Azɔ la, Yefta ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ gblɔ be: “Ne èna meɖu Amon viwo dzi nyateƒe, 31eye metrɔ gbɔ tso wo dziɖuƒe dedie la, nu sia nu si ado tso nye aƒeme ava kpem gbã la, anye tɔwò. Mamèe atsɔ asa vɔe na wò.” 32Ale Yefta tso tɔsisi la hekpe aʋa kple Amon viwo, eye Aƒetɔ na wòɖu wo dzi. 33Du bla evee wòsi, tso Aroer va se ɖe Minit heva ke ɖe Abel-Keramim ke. Wowu ame geɖe ŋutɔ. Ale wɔ Israelviwo ɖu Amon viwo dzi hebɔbɔ wo ɖe anyi.
Yefta vinyɔnuvi
34Esi Yefta gbɔ va wo de Mizpa la, via nyɔnuvi le axatsɛ ƒom le ɣe ɖum va kpee. Eya koe nye vi ɖeka hɔ̃ si le esi, vi bubu aɖeke megale esi o. 35#Mos IV, 30.2.Esi Yefta kpɔe la, edze awu le eɖokui ŋu gblɔ be: “Ao, vinye! Èdo nublanuitɔm. Èdem xaxa gã aɖe me. Nye ŋutɔe ke nu ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ; nyemagate ŋu atrɔe o.” 36Egblɔ na tɔ́a be: “Tɔ́nye, ne ènyake nu ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ ko la, ekema ale si nègblɔ nɛ be yeawɔm la, wɔm faa, elabe Aƒetɔ bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amon viwo la na wò.” 37Eyi edzi gblɔ na tɔ́a be: “Medi be nàwɔ nu ɖeka ko nam: ‘Ðe mɔ nam ɣleti eve manɔ ɖokuinye si, ne nye kple xɔ̃nyewo míayi towo dzi aɖatsa, afa nye ɖetugbi leaƒe nyenye.’ ” 38Tɔ́a ɖo eŋu nɛ be: “Yi!” Ale wòɖe mɔ nɛ ɣleti eve, eye eya kple xɔlɔ̃awo yi towo dzi ɖatsa hefa ale si wònye ɖetugbi leaƒe hafi le kuku ge lae. 39Esi ɣleti evea wu enu la, egbugbɔ va tɔ́a gbɔ. Ale si wòɖe adzɔgbe be yeawɔe la, ewɔe nenema pɛpɛpɛ. Ke ŋutsu aɖeke mede asi eŋu kpɔ hafi wòku o. Nuwɔna sia trɔ zu kɔnu le Israel-dukɔ me, 40be Israel vinyɔnuviwo yina ɖafaa konyi na Gileadtɔ, Yefta vinyɔnu la ŋkeke ene ƒè sia ƒè.
Currently Selected:
Ɖelawo 11: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.