Ɖelawo 10
10
Tola
1Le Abimelex ƒe ku megbe la, Tola, Pua vi, ame si nye Dodo tɔgbuiyɔvi la do va xɔ na Israel. Etso Isaxar-to la me, eye wònɔ Samir le Efrayim-tonyigba la dzi. 2Ekplɔ Israel-dukɔ la ƒe bla eve vɔ etɔ̃. Emegbe la, eku, eye woɖii ɖe Samir.
Yair
3Le Tola megbe la, Yair si tso Gilead do. Eya kplɔ Israel-dukɔ ƒe bla eve vɔ eve. 4Ŋutsuvi bla etɔ̃ nɔ esi, ame siwo doa tedzi bla etɔ̃. Du bla etɔ̃ nɔ wo si le Gilead-nyigba dzi, eye woyɔa wo be Yair-duwo va se ɖe egbe. 5Yair ku, eye woɖii ɖe Kamon.
Yefta
6Azɔ la, Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi si medze Aƒetɔ ŋu o. Wosubɔ Baalwo kple Astarot. Hekpe ɖe mawu siawo ŋu la, wosubɔ Siriatɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo, Amon viwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Ale wogblẽ Aƒetɔ ɖi, eye womegasubɔnɛ kura o. 7Ðe esia ta, Aƒetɔ do dziku ɖe wo ŋu, eye wòna Filistitɔwo kple Amon viwo ɖu wo dzi. 8Wote Israelvi siwo katã nɔ Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome, le Gilead le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu ƒe wui enyi sɔŋ. 9Amon viwo ya tso Yordan-tɔsisi la kura gɔ̃, eye wova wɔ aʋa kple Yuda, Benyamin kple Efrayim toawo me tɔwo. Ale wɔ Israel ɖo xaxa dziŋɔ aɖe me.
10Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ. Wogblɔ nɛ be: “Míewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò; míegblẽ wò, míaƒe Mawu la ɖi hesubɔ Baalwo.” 11Aƒetɔ gblɔ na wo be: “Esi Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amon viwo kple Filistitɔwo, 12Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maontɔwo te mi ɖe anyi va yi, eye miedo ɣli yɔm la, nyemexɔ na mi oa? 13Ke miawo miegblẽm ɖi yi ɖale mawu bubuwo subɔm. Nyemegale xɔxɔ ge na mi azɔ akpɔ o. 14Mawu siwo mietia la, miyi ɖado ɣli miayɔ wo. Miyɔ wo ne woava xɔ na mi le miaƒe xaxaɣi.” 15Ke Israelviwo gblɔ na Aƒetɔ be: “Míewɔ nuvɔ̃. Nu si dze ŋuwò la, wɔ mí faa. Míeɖe kuku, xɔ na mí egbe godoo.” 16Ale woɖe mawu bubuawo ɖa le wo dome, eye wosubɔ Aƒetɔ. Esia ta fu siwo kpem Israelviwo le la mena Aƒetɔ ɖe dzi ɖi o.
17Azɔ Amon viwo kpe ta, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. Nenema ke Israelviwo hã kpe ta, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Mizpa le Gilead-nyigba dzi. 18Tete Gileadtɔwo kple woƒe kplɔlawo bia wo nɔewo be: “Ame kae adze ŋgɔ akpe aʋa kple Amon viwo? Ame si dze ŋgɔ la, eyae lava zu tatɔ na ame sia ame le Gilead.”
Currently Selected:
Ɖelawo 10: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.