Yesaya 9
9
Fia si gbɔna la
1 #
Mat 4.15. Gake ame siwo nɔ blukɔ me tsã la magase veve o. Eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba tsã, ke le ɣeyiɣi si gbɔna me la, ade bubu ƒutamɔ si le Yordan godo, si nye Galilea, dukɔwo ƒe anyigba la, ŋu.
2 #
Mat 4.16; Luk 1.79. Dukɔ si le viviti me zɔm la,
kpɔ kekeli gã aɖe.
Ame siwo le anyigba
si dzi viviti tsiɖitsiɖi do ɖo la,
kekeli klẽ ɖe wo dzi.
3Wòe na dukɔ la dzi ɖe edzi.
Wòe dzi eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi.
Dzi le wo dzɔm le ŋkuwò me,
abe nuŋeɣi ene,
abe ame siwo gbɔ tso aʋa
le aʋagbedzinuwo mam la ene.
4Elabe èŋe kɔkuti si nye agba nɛ,
ati si le abɔta nɛ
kple ameteɖeanyila ƒe ameƒoti la
abe ale si nèwɔe le Midiantɔwo ŋɔli ene.
5Woatɔ dzo aʋadefɔkpa ɖe sia ɖe
kple aʋadewu ɖe sia ɖe si ƒo ʋu blibaa la
woafiã abe nake le dzo me ene.
6Elabe wodzi vi na mí!
Wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖuŋusẽ anɔ abɔta nɛ.
Woayɔe be,
“Aɖaŋu Wɔnuku Ɖola,
Mawu Ŋusẽtɔ,
Tɔ́ Mavɔ,
Ŋutifafafiavi”.
7 #
Luk 1.32, 33. Eƒe dziɖuɖu akeke ta,
eye eƒe ŋutifafa adzi ɖe edzi;
seƒe manɔe na wo o.
David ƒe fiazikpui kple eƒe fiaɖuƒe la
ali ke, ahakpɔ ŋusẽ
to ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me
tso fifia ɖase mavɔ me.
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe ŋusẽe awɔ esia.
Aƒetɔ ahe to na Israel
8Aƒetɔ gblɔ ɖo ɖe Yakob
be yeahe to nɛ;
nya la ka Israel-dukɔ la.
9Dukɔ blibo la anyae
hekpe ɖe Efrayimtɔ kple Samariatɔ,
siwo le dàdam hele adegbe ƒom le dzime la ŋu be:
10“Anyikpexɔwoe mu,
ke míele agakpe kpakpawo tsɔ ge atu bubuwoe.
Sikamortiwoe wolã,
ke sedertiwoe míado ɖe wo teƒe.”
11Ale Aƒetɔ na futɔwo#9.11: FUTƆWO: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Rezin ƒe futɔwo.
ɖu wo dzi,
eye woƒe ketɔwo ƒe lã me ƒo ɖe wo ŋu.
12Siriatɔwo tso ɣedzeƒe
kple Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe ake nu me
alé Israel avuvu.
Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la,
eƒe dzi mefa o;
eƒe abɔ gale dzi kokoko.
13Ke dukɔ la metrɔ va
ame si ƒo wo la gbɔ o,
eye mebia Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
ta se o.
14Ale Aƒetɔ tsrɔ̃ ta kple asikɛ,
deʋaya kple keti ɖa tso Israel
le ŋkeke ɖeka dzi.
15Ame tsitsi kple ame ŋkutae nye ta la,
eye asikɛ lae nye gbeƒãɖela,
siwo ƒe nufiafia nye alakpa la.
16Dukɔ sia kplɔlawo na wòtra,
eye wo yomedzelawo bu.
17Esia tae Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ
le eƒe ɖekakpuiwo ŋu o,
eye mave woƒe ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo nu o,
elabe wo katã wonye Mawu mavɔ̃lawo
kple nu tovo wɔlawo;
woƒe nyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe nye bometsinya.
Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la,
eƒe dzi mefa o;
eƒe abɔ gale dzi kokoko.
18Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le bibim
abe dzo ene.
Efiã aŋɔkawo kple ŋuwo,
eye wòtɔ dzo ave dodowo
ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
19Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla ƒe dziku
na dzo ƒo anyigba,
eye dukɔ la le abe nake le dzo me ene;
ame aɖeke mekpɔa nublanui na nɔvia o.
20Wole tsyo dam nu le ɖusime;
ke dɔ gale wo wum.
Wole nu ɖum le mia me;
ke womeɖi ƒo o.
Ame sia ame le nɔvia
ƒe lã vuvum.
21Manase ɖu Efrayim,
eye Efrayim hã ɖu Manase.
Wo kple eve la siaa tso
ɖe Yuda ŋu.
Togbɔ be esia gbegbe dzɔ hã la,
eƒe dzi mefa o;
eƒe abɔ gale dzi kokoko.
Currently Selected:
Yesaya 9: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.