Yesaya 8
8
Yesaya viŋutsu anye dzesi na dukɔ la
1Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe nàŋlɔ nu si anyaxlẽ bɔbɔe la ɖe edzi be: ‘Aboyonu, afɔ netsɔ! Nuhaha, va kaba!’ ” 2Mekpɔ ɖasefo siwo dzi meka ɖo, nunɔla Uriya kple Zaxarya, Yeberexya vi, be woaɖu ɖasefo nam. 3Tete medɔ srɔ̃nye gbeƒãɖela la gbɔ, wòfɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be: Aboyonu, afɔ netsɔ! Nuhaha, va kaba! 4“Hafi ɖevia nanya ‘Papa’ alo ‘Dada’ yɔyɔ la, Asiria-fia ava lɔ Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adzoe.”
Asiria-fia gbɔna
5Aƒetɔ gaƒo nu kplim gblɔ be: 6“Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi si sína blewuu, eye vɔvɔ̃ ɖo wo le Rezin kple Remalya vi la gbɔ ta la, 7kpɔ ɖa, Aƒetɔ la akplɔ Tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋu siwo nye Asiria-fia kple eƒe ŋusẽ blibo la ava ƒo ɖe wo dzi duu, ayɔ eƒe baliwo katã me agbã go. 8Así ato Yuda-nyigba dzi, aɖɔ, agbagba, ase ve, eye eƒe alɔdze siwo ke la asɔ wò anyigba la ƒe kekeme, O Mawulikplimí!”
9Mi dukɔwo, mido aʋaɣli;
vɔvɔ̃ neɖo mi.
Mi ame siwo katã le didiƒe
le anyigba dzi, miɖo to.
Mibla akpa vɔvɔ̃ neɖo mi.
Mibla akpa;
vɔvɔ̃ neɖo mi.
10Mide adaŋu;
ke woagblẽ eme.
Miɖo gbe ɖi;
ke madze edzi o
elabe Mawu li kpli mí!
Aƒetɔ gbe nya na gbeƒãɖela la
11Elabe Aƒetɔ ƒo nu kplim esime eƒe asi sẽ ɖe dzinye eye wògbe nam be magazɔ dukɔ sia ƒe mɔ dzi o. Ebe: 12#Pet I, 3.14, 15.“Migayɔ dukɔ sia ƒe nugbeɖoɖo be nugbeɖoɖo o. Migavɔ̃ nu si wovɔ̃na la o, eye womegadzi ŋɔ na mi o. 13Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae miabu kɔkɔe. Eya koe miavɔ̃ eye eya ko nadzi ŋɔ na mi. 14#Pet I, 2.8.Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiakpe kple agakpe kikli na Israel-dukɔ eveawo; mɔ̀ kple adoboli na Yerusalemnɔlawo. 15Ame geɖewo aklii adze anyi eye woaŋe keŋkeŋ. Mɔ̀ aɖe wo, alé wo.”
Nyagbename ku ɖe ŋɔliyɔyɔ ŋuti
16Dzra ɖaseɖiɖi la ɖo. Tre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me. 17#Heb 2.13. Mele Aƒetɔ, ame si ɣla eŋkume ɖe Yakob ƒe ƒome la sinu kpɔm hele dzi ɖom ɖe eŋu. 18#Heb 2.13. Kpɔ ɖa, nye kple vi siwo Aƒetɔ nam lae nye esi. Míenye dzesi kple nukunu le Israel tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si le Zion-to dzi la gbɔ. 19Ke ne woagblɔ na mi be: “Mibia nu se le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa ŋɔtimegbe nɔa gbe tem la gbɔ la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu oa? Ɖe wòle be woabia nu ase le kukuawo gbɔ na agbagbeawoa?” 20Mitrɔ ɖe nufiame la kple ɖaseɖiɖi la ŋu. Ne womegblɔ esia o la, ekema agu medzena na wo o.
Xaxaɣi
21Dukɔ la anɔ tsa glãla tsam; woate wo ɖe anyi eye dɔ awu wo. Ne dɔ le wo wum la, woado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu, ne wowu mo dzi. 22Ne wokpɔ anyi la, xaxa kple viviti koe li. Xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me ko woanya wo ɖo ɖa.
Currently Selected:
Yesaya 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.