Yesaya 62
62
1Le Zion ta, nyemazi ɖoɖoe o,
eye le Yerusalem ta,
nyemagbɔ ɖe eme o
va se ɖe esime woatso afia nɛ
wòadze abe kekeli ene,
eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.
2Dukɔwo akpɔ ale si wotso afia na wò,
eye fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe.
Woayɔ ŋkɔ yeye si Aƒetɔ ŋutɔ
ake nu ayɔ na wò la na wò.
3Ànye fiakuku si nyakpɔ
le Aƒetɔ ƒe asi me
kple fia ƒe tablanu
le wò Mawu ƒe asi me.
4Womagayɔ wò azɔ be
ame si wogbe o,
alo woayɔ wò anyigba be
nyɔnu si wogblẽ ɖi o.
Ke boŋ woayɔ wò be,
mekpɔ dzidzɔ le eŋu,
eye woayɔ wò anyigba be,
srɔ̃nyɔnu;
elabe Aƒetɔ kpɔa dzidzɔ le ŋuwò,
eye woaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
5Elabe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii la,
nenema viwò ŋutsuwo aɖe wòe.
Ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ
le ŋugbetɔ ŋui ene la,
nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.
6Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi.
Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me
alo le zã me akpɔ o.
Mi ame siwo ɖoa ŋku nu dzi na Aƒetɔ,
migagbɔ ɖe eme o.
7Migana eya hã nagbɔ ɖe eme o,
va se ɖe esime wòɖo Yerusalem te,
eye wòna wòxɔ ŋkɔ
le anyigba blibo la dzi.
8Aƒetɔ ta nu kple eƒe nuɖusi,
kpakple eƒe abɔ sesẽ la be:
“Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo
woaɖu azɔ o,
eye amedzrowo magano wò wain
si ŋu nèkpe fu ɖo la azɔ o.
9Ke boŋ ame siwo xaa nukuawo la,
woawoe aɖu wo,
eye woakafu Aƒetɔ.
Ame siwo ƒoa wain tsetseawo nu ƒu la,
woawoe ano wain le nye kɔkɔeƒe ƒe xɔxɔnuwo.”
10Mido yi! Mido to agboawo me yi!
Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔa.
Mita mɔ; mido mɔ gã la!
Miɖe kpewo ɖa le edzi!
Mikɔ aflaga ɖe dzi na dukɔwo.
11 #
Yes 40.10; Nyaɖ 22.12. Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ɖe gbeƒã
wòde anyigba ƒe mlɔenu ke be:
Migblɔ na Zion vinyɔnu be:
“Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna.
Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu,
eye eƒe teƒeɖoɖo dze eŋgɔ.”
12Woayɔ wò be
Dukɔ kɔkɔe,
Aƒetɔ ƒe ame siwo woɖe,
eye woayɔ wò ya be
Du si ƒe nya wodina,
du si womegblẽ ɖi o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.