Yesaya 61
61
Nya nyui si he ɖeɖe vɛ
1 #
Mat 11.5; Luk 7.22. #
Luk 4.18, 19. Aƒetɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ le dzinye
elabe Aƒetɔ si ami nam.
Edɔm ɖa be matsɔ nya nyui la ayi
na ame siwo wole funyafunya wɔmee,
edɔm ɖa be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu;
be maɖe gbeƒã na aboyomenɔlawo
be wona ablɔɖe wo,
eye magblɔ na gaxɔmenɔlawo
be woɖe wo le ga me.#61.1: Hebri-gbe la be: Maʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo
2 #
Mat 5.4. Ebe maɖe gbeƒã
be Aƒetɔ ƒe amenuveƒe ɖo,
eye mía Mawu le hlɔ̃ bia ge.
Ebe mafa akɔ na konyifalawo katã.
3Ebe madi nu na ame siwo le konyi fam le Zion:
Matsɔ seƒoƒotsihe ɖo atsyɔ̃ na wo
ɖe dzowɔ me nɔnɔ teƒe,
masi ami si ana be woakpɔ dzidzɔ la na wo
ɖe konyifafa teƒe,
mana woata atsyɔ̃taɖedzi si anye kafukafu
ɖe gbɔgbɔ si gbɔdzɔ la teƒe.
Ale woayɔ wo be nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe logotiwo,
Aƒetɔ ƒe ati siwo wòdo
be yeatsɔ de bubu ye ɖokui ŋu.
4Woatso blemaƒedowo
woaɖo gbe aɖe gbe glikpowo;
woaɖɔ du gbagbãwo me ɖo,
eye woaɖɔ dzidzime geɖewo ƒe nu gbegblẽwo ɖo.
5Dukɔ bubu me tɔwo anyi miaƒe lãhawo na mi,
amedzrowo ade agble na mi,
eye woalé be na miaƒe waingblewo.
6Ke miawo la, woayɔ mi be:
Aƒetɔ ƒe nunɔlawo!
eye woatsɔ ŋkɔ na mi be:
Mía Mawu ƒe subɔlawo.
Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo,
eye miakpɔ bubu le woƒe kesinɔnuwo me.
7Ɖe miaƒe ŋukpe teƒe la,
miakpɔ gome zigbɔzi eve.
Ɖe vlodoame teƒe la,
dzidzɔkpɔkpɔ anye mia tɔ gome.
Eya ta le miaƒe anyigba dzi la,
miaxɔ teƒeɖoɖo eve.
Dzidzɔkpɔkpɔ anye mia tɔ gome tegbee.
8Elabe nye Aƒetɔ la, nya dzɔdzɔe medina.
Melé fu adzodada kple nu baɖa wɔwɔ.
Maxe woƒe nuwɔna ŋu fe na wo pɛpɛpɛ,
eye mabla nu mavɔ kpli wo.
9Woadze si woƒe dzidzimeviwo
le dukɔwo dome
kple wo viwo ƒe viwo
le amewo dome le afi sia afi.
Ame siwo katã kpɔ wo la,
adze si wo be wonye dukɔ
si Aƒetɔ yra.
10 #
Nyaɖ 21.2. Makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu vevie;
nye luʋɔ atso aseye
ɖe nye Mawu ŋu,
elabe etsyɔ xɔname ƒe avɔ,
eye wòdo nu dzɔdzɔe wɔwɔ
ƒe awu ʋlaya nam
abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae
alo ale si ŋugbetɔ doa atsyɔ̃ɖonuwoe ene.
11Elabe abe ale si anyigba nana be nuwo miena,
eye abɔ nana be nuku
siwo woƒã ɖe eme miena ene la,
nenemae Aƒetɔ Mawu ana nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple kafukafu ado
ɖe dukɔwo katã ŋkume.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.