Yesaya 53
53
1 #
Rom 10.16; Yoh 12.38. Ame kae xɔ nya
si míese la dzi se?
Ame ka ŋu Aƒetɔ ɖe eƒe ŋusẽ #53.1: ŊUSẼ: Hebri-gbe la be: alɔ. fia ɖo?
2Elabe etsi le eŋkume
abe ati fɛ̃ aɖe ene
abe ati ƒe ke tso anyigba ƒuƒu me ene.
Nɔnɔme meli nɛ o,
eye medze ɖeka hã o;
be míanɔ ekpɔm o.
Menyakpɔna kura
be eƒe nu nanyo mía ŋu o.
3Amegbetɔwo nyɔ ŋui,
eye wogbee.
Ŋutsu si kpe fu, lé dɔ la wònye.
Ele ko abe ame si
ame aɖeke medi be yeakpɔ kple ŋku o la ene.
Wonyɔ ŋui,
eye míebui ɖe naneke me o.
4 #
Mat 8.17. Evɔ la, nyateƒee, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te.
Ke míawo míebui
abe ame si Mawu he to na, ƒoe,
eye wòwɔ funyafunyae ene.
5 #
Pet I, 2.24. Ke wode abi eŋu
le míaƒe dzidadawo ta,
eye wogbãe gudugudu
le míaƒe vodadawo ta.
To si wohe nɛ wɔ mí bliboe,
eye ameƒoka ƒe abi siwo wòxɔ lae yɔ dɔ mí.
6 #
Pet I, 2.25. Mí katã míele abe alẽ
siwo tra mɔ la ene,
eye mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ.
Ke Aƒetɔ tsɔ mí katã
míaƒe vodadawo ƒe agba ɖo eyama dzi.
7 #
Nyaɖ 5.6. #
Dɔw 8.32, 33. Wotee ɖe anyi, wɔ funyafunyae;
ke meke nu o.
Ale si alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge,
alo alẽ nɔa eƒe fukolawo si me kpoo la,
nenemae eya hã meke nu o.
8Wotee ɖe anyi, drɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ nɛ
hekplɔe dzoe.
Eŋɔlimeviwo dometɔ kae bui kpɔ
be woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi,
eye wowɔ funyafunyae
le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?
9 #
Pet I, 2.22. Esi wòku la,
woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome,
eye woɖii ɖe kesinɔtɔwo gbɔ.
Evɔ wònye mesẽ ŋuta kpɔ o,
eye alakpanya medo le enu kpɔ o hafi.
10Ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye
be yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu.
Eƒe ku nanye vɔsa
si me yeato atsɔ nuvɔ̃ ake amegbetɔ
eye wòakpɔ eƒe dzidzimeviwo.
Anɔ agbe didi
eye nu si Aƒetɔ ɖo be yeawɔ la
adze dzi to eƒe asi dzi.
11Akpɔ eƒe luʋɔ ƒe fukpekpe ƒe kutsetse,
eye wòaɖi ƒo nɛ.
Nye dɔla, nu dzɔdzɔe wɔla,
ƒe sidzedze awɔ ame geɖewo
woazu nu dzɔdzɔe wɔlawo,
eye wòade ta woƒe vodadawo te.
12 #
Mar 15.28; Luk 22.37. Eya ta mana woakpɔ gome
le ame xɔŋkɔwo dome,
eye eya kple ŋusẽtɔwo ama aboyonu,
elabe etsɔ eƒe agbe na faa heku,
eye wobui ɖe vodalawo dome.
Evɔ wònye eyae xɔ ɖe nuvɔ̃wɔlawo teƒe,
eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta.
Currently Selected:
Yesaya 53: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.