Bible App logo
Search Icon

Yesaya 52

52
Mawu axɔ Yerusalem ɖe agbe
1 # Nyaɖ 21.2, 27. Nyɔ, Zion! Nyɔ
kple wò ŋusẽ!
Yerusalem, du kɔkɔe,
tsɔ wò awu nyuiwo nàdo,
elabe bolobolotɔwo kple ame makɔmakɔwo
magage ɖe mewò azɔ o.
2Wò Yerusalem, si woɖe aboyoe,
ʋuʋu ke le ɖokuiwò ŋu!
Tso nàbɔbɔ nɔ anyi,
wò Zion vinyɔnu, si woɖe aboyoe,
ɖe ga si le kɔ na wò la ɖi.
3Elabe Aƒetɔ gblɔ be: “Womexe fe ɖe mia ta tsɔ ƒle mii o, eya ta woaɖe mi femaxee. 4Elabe Aƒetɔ Mawu be: Gbã la, nye dukɔ la yi Egipte ɖanɔ afi ma abe amedzrowo ene, eye Asiriatɔ la te wo ɖe anyi dzodzro. 5#Rom 2.24. Aƒetɔ be: Eya ta azɔ nu ka wɔm mele le afii, esi mekpɔ be wokplɔ nye dukɔ dzoe dzodzro. Aƒetɔ be wo dziɖulawo le avi fam, eye edziedzi, ŋkeke bliboa la, wole alɔ me ɖem le nye ŋkɔ ŋu. 6Eya ta nye dukɔ adze si nye ŋkɔ ale be ɣe ma ɣi la woadze sii be nyee ƒo nu be: Nyee nye esi!”
7 # Nax 1.15; Rom 10.15; Efes 6.15. Du nyui xɔvɛla si le toawo tame gbɔna
ƒe afɔɖeɖe nya le kpɔkpɔm loo!
Eɖea gbeƒã ŋutifafa,
eye wòhea nya nyui vɛ.
Eɖea gbeƒã agbexɔxɔ,
eye wògblɔna na Zion be:
“Wò Mawue le fia ɖum!”
8Ðo to nàse ɖa!
Wò dzɔlawo ƒe gbe le dzi dem.
Wo katã wole ha dzim
kple dzidzɔ.
Woawo ŋutɔ wokpɔ Aƒetɔ kple ŋku
wòtrɔ gbɔna Zion.
9Mi Yerusalem ƒe glikpowo,
mi katã mido dzidzɔha ɖa bobobo
elabe Aƒetɔ fa akɔ na eƒe dukɔ;
eɖe Yerusalem.
10Aƒetɔ klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu
le dukɔwo katã ŋkume.
Anyigba ƒe mlɔenuwo katã
akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.
11 # Kor II, 6.17. Midzo, midzo!
Miʋu tso afi ma!
Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o.
Miʋu tso eme.
Mi ame siwo tsɔa Aƒetɔ ƒe aƒemegbawo,
mikɔ̀ mia ɖokui ŋu.
12Elabe ne miele ʋuʋum la, miatsi dzi o.
Miele sisí ge adzo o, elabe Aƒetɔ adze mia ŋgɔ,
eye Israel ƒe Mawu la axe
megbe na mi.
Dɔla si le fu kpem la
13Kpɔ ɖa, nye dɔla akpɔ dzidzedze.
Woadoe ɖe dzi boo;
axɔ ŋkɔ, eye wòanye gã.
14Ame geɖe kpɔe wòwɔ nuku na wo,
eƒe dzedzeme gblẽ wu ame tɔ gɔ̃ hã,
eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ.
15 # Rom 15.21. Alea pɛ dukɔ geɖewo le ekpɔ ge,
wòawɔ nuku na woe.
Fiawo aɖo asi nu le eta,
elabe nu si womegblɔ na wo
kpɔ o lae kpɔ ge woala,
eye nu si womese kpɔ o la
gɔmee woase.

Currently Selected:

Yesaya 52: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in