Bible App logo
Search Icon

Yesaya 49

49
Israel, kekeli na dukɔwo
1 # Yer 1.5. Mi ƒukpowo, miɖo tom;
mi dukɔ siwo le didiƒe ʋĩi,
mizi ɖoɖoe ne miase.
Aƒetɔ yɔm hafi wodzim.
Etsɔ ŋkɔ nam le nɔnye ƒe dɔme ke.
2 # Heb 4.12; Nyaɖ 1.16. Ewɔ nye nu wòle abe yi ɖaɖɛ ene.
Eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli me.
Ewɔm aŋutrɔ biɖoe,
eye wòtsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.
3Egblɔ nam be:
“Israel, nye dɔla nènye;
woakafum to dziwò.”
4Gake megblɔ be:
“Mewɔ dɔ vlo;
megblẽ nye ŋusẽ ɖe ya me dzodzro.
Ke hã, Aƒetɔ si me nye nyawo le,
eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”
5Azɔ Aƒetɔ, ame si mèm
tso dɔ me ke
be manye yeƒe dɔla
ne makplɔ Yakob agbɔ va ye gbɔe,
eye woaƒo Israel nu ƒu ɖe egbɔ la,
de bubu ŋunye le eŋkume,
eye nye Mawu zu nye ŋusẽ.
6 # Yes 42.6; Luk 2.32; Dɔw 26.23; Dɔw 13.47. Ebe:
“Mesɔ gbɔ nam
be nènye nye dɔla,
ne nàfɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu,
eye nàɖo Israel ƒe ame siwo
woɖe la te o.
Ke boŋ matsɔ wò ana
abe kekeli ene na dukɔwo
ale be nye xɔname nade
anyigba ƒe mlɔenu ke.”
7Aƒetɔ, Israel ƒe Ɖela
kple eƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na
ame si wodo vloe,
ame si dukɔ la lé fui,
ame si nye dziɖulawo ƒe dɔla la be:
“Fiawo akpɔe, atso ɖe tsitrenu,
eye amegãwo adra ɖe anyigba
ade ta agu,
le Aƒetɔ, ame si wɔa nuteƒe la ta,
le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
ame si tia wò la ta.”
Woagbugbɔ nuwo aɖɔ ɖo le Yerusalem
8 # Kor II, 6.2. Aƒetɔ be:
“Ɣeyiɣi si me mave nuwò la,
meve nuwò.
Gbe si gbe maxɔ wò ɖe agbe la,
mekpe ɖe ŋuwò.
Mekpɔ tawò
eye meto dziwò bla nu kple dukɔ la
ne nàɖo anyigba la te,
eye nàma domenyinu si zu gbegbe la.
9Gblɔ na gaxɔmenɔlawo be:
‘Mido va!’
Gblɔ na ame siwo le viviti me la be:
‘Miva kekeli nu!’
Woaɖu gbe le mɔ to,
eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ
ƒeƒlewo katã tame.
10 # Nyaɖ 7.16, 17. Dɔ kple tsikɔ magawu wo o,
eye ya xɔdzo loo, alo ŋdɔ helihelĩ maɖu wo o.
Elabe ame si kpɔ nublanui na wo
adze ŋgɔ na wo,
eye wòakplɔ wo ayi tsidzidziwo gbɔe.
11Mɔ ato nye towo katã tame,
eye magbugbɔ nye mɔ gãwo ado.
12Kpɔ ɖa, amewo atso didiƒe ʋĩi ava.
Ɖewo atso dzigbeme kple ɣetoɖoƒe,
eye bubuwo atso Sinitɔwo
ƒe anyigba dzi.”
13Dziƒowo, mitso aseye!
Anyigba, kpɔ dzidzɔ!
Towo, midzi ha kple ɣli!
Elabe Aƒetɔ fa akɔ na eƒe dukɔ,
eye wòakpɔ nublanui
na eƒe ame siwo le fu kpem la.
14Gake Zion be:
“Aƒetɔ gblẽm ɖi!
Nye Aƒetɔ ŋlɔm be.”
15“Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vi nono be,
eye eƒe dɔme matrɔ
ɖe vi si eya ŋutɔ dzi la ŋu oa?
Ne aŋlɔe be hã la,
nye ya nyemaŋlɔ wò be o.
16Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒome;
wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
17Ame siwo agbugbɔ wò aɖo te la
ƒe afɔ le tsɔtsɔm wu ame siwo gbã wò la.
Ame siwo wɔ wò nèzu aƒedo la
ʋu tso mewò dzo yina.
18Fɔ wò mo dzi nàtsa ŋku godoo,
eye nàkpɔ ɖa.
Wo katã woƒo ƒu,
wogbɔna ɖe gbɔwò.
Aƒetɔ be: Esi mele agbe ko la,
àdo wo katã abe atsyɔ̃ɖonu ene;
àtsɔ wo abla ali dzi
abe ale si ŋugbetɔ wɔnɛ ene.
19Nyateƒee, wò aƒedo, wò gbegbe
kple wò anyigba si wogblẽ la,
àxaxa ŋutɔ azɔ na edzinɔlawo,
eye ame siwo gblẽe la
adzo yi didiƒe ʋĩi.
20Ðevi siwo wodzi
esime nènɔ fu nyim la
agblɔ nàse be:
‘Teƒe sia megalolo nam o.
Di teƒe bubu nam, manɔ.’
21Ekema àgblɔ le wò dzime be:
‘Ame kae dzi ɖevi siawo nam?
Woɖe vi le ŋunye,
eye metsi ko.
Woɖe aboyom,
eye wonyam de gbe ɖe!
Ke ame kae kpɔ wo dzi wotsi?
Kpɔ ɖa, nye ɖeka koe
wogblẽ ɖi ɖe!
Afi ka gɔ̃ woawo tso va?’ ”
22 # Bar 5.6. Ke Aƒetɔ Mawu be:
“Kpɔ ɖa, makɔ asi dzi na dukɔwo,
eye mado nye aflaga ɖe dzi na wo.
Ale woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔ nu,
eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta vɛ.
23Fiawo azu tɔ́ na viwòwo,
eye woƒe fianyɔnuwoe ana no wo.
Woade ta agu atsyɔ mo anyi
ɖe ŋkuwò me,
eye woaɖuɖɔ ke le wò afɔ ŋu.
Tete àdze sii
be nyee nye Aƒetɔ.
Ame siwo kpɔa mɔ nam la,
ŋu makpe wo o.”
24Ne kalẽtɔ lé nu la,
ɖe woate nu axɔe le esia?
Alo ne ŋutasẽla ɖe aboyo amewo la,
ɖe woate ŋu axɔ wo ɖe agbea?
25Aƒetɔ ɖo eŋu be:
“Woaxɔ aboyomewo le kalẽtɔ si,
eye woaxɔ ŋutasẽla ƒe nu si wòlé gɔ̃ hã la le esi nyateƒe.
Elabe mawɔ avu
kple ame siwo le avu wɔm kpli wò,
eye maxɔ viwòwo ɖe agbe.
26Mana ame siwo te wò ɖe anyi la,
naɖu woawo ŋutɔ ƒe lã,
eye woamu woawo ŋutɔ ƒe ʋu
abe wain wono mu ene.
Ekema amegbetɔƒomea katã adze sii
be nyee nye Aƒetɔ,
wò Xɔnametɔ kple wò Ɖela, Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la.”

Currently Selected:

Yesaya 49: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in