Yesaya 48
48
Mawue nye Aƒetɔ na nu siwo lava dzɔ
1Misee, Yakob ƒe ƒome,
mi ame siwo tsɔ Israel ŋkɔ,
eye mienye Yuda ƒe alimeviwo.
Mi ame siwo tsɔ Aƒetɔ ŋkɔ tàa nui,
eye mieʋua Israel ƒe Mawu la me,
evɔ menye le nyateƒe
kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o.
2Elabe woyɔa du kɔkɔe la
ɖe wo ɖokui ŋu,
eye woziɔ ɖe Israel ƒe Mawu ŋu.
Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
3“Meɖe gbeƒã blemanyawo
gbe aɖe gbe ke;
nye nu me wodo tso,
eye mena wosee.
Mewɔe zi ɖeka kpata,
eye wodzɔ va yi.
4Esi menyae be wò to sẽ,
wò ʋume nye gakpɔti,
eye wò ŋgonu nye ayawa ta la,
5meɖe gbeƒãe na wò gbe aɖe gbe ke,
eye mena nèsee hafi wòava dzɔ
ale be màgagblɔ be:
‘Nye legbawoe wɔe;
nye aklama kpakpɛwo
kple nye legba siwo wokɔ̀ la,
woawoe na wòdzɔ o.’
6Èse nu si va dzɔ.
Azɔ kpɔ esiawo katã ɖa;
ke miawo ɖe miaɖe gbeƒãe oa?
Tso azɔ heyina la, mana nàse nu yeyewo
kple nu ɣaɣla siwo mènya o la.
7Fifia ko wowɔ wo,
eye menye tso blema o.
Hafi ŋu nake egbe la,
mèse wo ŋkɔ kpɔ o,
ale be màte ŋu agblɔ be:
‘Kpɔ ɖa, menya nu tso wo ŋu xoxo’ o.
8Mèsee kpɔ kura o;
mènyae gbeɖe o.
Tso gbe aɖe gbe ke la,
wò to meʋu o.
Elabe menyae
be ame mawɔnuteƒe nènye.
Aglãdzela woyɔna na wò
tso esime wodzi wò.
9Meɖo asi nye dziku dzi,
le nye ŋkɔ ta,
eye le tawò meɖo asi ɖokuinye dzi
ne amewo nakafum
ale be nyemagatsrɔ̃ wò o.
10Kpɔ ɖa, meklɔ ŋuwò,
ke menye abe klosalo ene o;
medo wò kpɔ
le fukpekpe ƒe aŋɔlólokpo me.
11Le nye ŋutɔ ta,
le nye ŋutɔ tae mewɔe.
Elabe nu ka tae wòagblẽ kɔ ɖo
na nye ŋkɔ?
Nyematsɔ nye bubu
na ame bubu aɖeke o.
Kores, kplɔla si Aƒetɔ tia
12 #
Yes 44.6; Nyaɖ 1.17; 22.13. Yakob kple Israel si meyɔ,
miɖo tom!
Nye ye;
nyee nye gbãtɔ,
eye nyee nye mlɔetɔ.
13Nye asie metsɔ ɖo anyigba gɔme anyi,
eye nye nuɖusie he dziƒo me.
Esi meyɔ wo la,
wo katã wova tsi tsitre ɖi.
14Mi katã mikpe ta
ne miasee!
Wo dometɔ kae gblɔ nu siawo?
Aƒetɔ lɔ̃ eyama.
Awɔ nu si wobe newɔ Babilon,
eye wòaɖe eƒe ŋusẽ afia Kaldeatɔwo.
15Nyee, nye gɔ̃e ƒo nu,
yɔe hekplɔe vɛ,
eye eƒe nuwɔnawo adze edzi nɛ.
16Azɔ mite ɖe ŋunye
ne miase nya sia.
Tso gɔmedzedzea ke nyemeƒo nu
le adzame o.
Mele eteƒe tso gbe aɖe gbe ke,
esime wòva eme.”
Azɔ Aƒetɔ Mawu ɖo nye
kple eƒe gbɔgbɔ ɖa.
Ðoɖo si Aƒetɔ wɔ na eƒe dukɔ
17Aƒetɔ, wò Ɖela,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be:
“Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu.
Nyee nye ame si fiaa nu
si aɖe vi na wò la wò.
Nyee kplɔa wò toa mɔ
si dzi nàto la.
18Ko wòanye ɖe nèwɔ nye seawo dzi ɖe!
Anye ne wò ŋutifafa anɔ
abe tɔsisi ene,
eye wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ
abe ƒutsotsoewo ene.
19Anye ne wò alimeviwo
asɔ gbɔ abe ke ene,
eye wò dzidzimeviwo abe kekui ene.
Womatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ
alo atutui ɖa le ŋkunye me o.”
20 #
Nyaɖ 18.4. Miʋu tso Babilon.
Misí tso Kaldea-nyigba dzi!
Miɖe gbeƒã dzidzɔnya sia.
Mitso aseye kplii
yi anyigba ƒe mlɔenu ke
be: “Aƒetɔ ɖe eƒe dɔla Yakob!”
21Tsikɔ mewu wo
esime wòkplɔ wo to kegbegbewo o.
Ena tsi do tso agakpe me na wo.
Efe agakpe la me,
tsi ɖuɖu bababa.
22 #
Yes 57.21. Aƒetɔ be:
“Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
Currently Selected:
Yesaya 48: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.