Skip to content

Yesaya 50

50
1 # Bar 4.6. Aƒetɔ be:
“Afi ka mia nɔ ƒe srɔ̃gbegbalẽ
si metsɔ gbee la le?
Alo nye fetɔwo dometɔ ka medzra mi na?
Kpɔ ɖa, miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo tae
wodzra mi ɖo.
Miaƒe dzidadawo tae
wogbe mia nɔ ɖo.
2Nu ka ta ame aɖeke menɔ afi ma
esi meva o?
Nu ka ta meyɔ ame,
ame aɖeke metɔ nam o?
Ðe nye abɔ tò ɖe eme
ale gbegbe be mate ŋu aɖe ame oa?
Alo ɖe ŋusẽ mele asinye
be nyemate ŋu aɖe ame oa?
Kpɔ ɖa, ne medze agbo la,
atsiaƒu miena.
Menaa tɔsisiwo zua kegbegbe.
Wo me lãawo ƒaƒãna, ʋẽna kũu
elabe tsi miena le wo ŋu,
eye tsikɔwuame nana be wokuna.
3Metaa avɔ yibɔ na dziƒowo,
eye metsyɔa akpanya na wo.”
Aƒetɔ subɔla ƒe toɖoɖo
4Aƒetɔ Mawu tsɔ nusrɔ̃la ƒe aɖe nam
ale be mate ŋu atsɔ nya
ado ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te la.
Enyɔam ŋdi sia ŋdi, ʋua to nam
be maɖo to abe nusrɔ̃la ene.
5Aƒetɔ Mawu ʋu to nam,
eye nyemedze aglã
alo de megbe o.
6 # Mat 26.67; Mar 14.65. Meɖo dzime ɖi na ameƒolawo.
Metrɔ to me na gehelawo.
Nyemeɣla nye ŋkume
be woagado vlom,
eye woatu ta ɖe mo nam o.
7Elabe Aƒetɔ Mawu kpena ɖe ŋunye
eya ta gbɔgblɔ mebu ɖem o.
Ale mena nye mo sẽ abe kpe sesẽ ene,
eye menya be ŋu makpem o,
8 # Rom 8.33, 34. elabe ame si tsoa afia nam la
tsɔ ɖe gbɔnye kpuie.
Ame kae ahe nya kplim?
Mina mí katã míatsi tsitre.
Ame kae nye nye futɔ?
Mina wòate ɖe ŋunye!
9Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu ye kpena ɖe ŋunye.
Ame kae abu fɔm?
Kpɔ ɖa, wo katã anyunyɔ abe avɔ ene;
agbagblaʋui aɖu wo.
10Mia dometɔ kae vɔ̃a Aƒetɔ,
eye wòɖoa to eƒe dɔla ƒe gbe,
ame kae le viviti me zɔm,
eye kekeli aɖeke meklẽna nɛ o,
evɔ wòɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋkɔ ŋu,
eye wòziɔna ɖe eƒe Mawu ŋu?
11Kpɔ ɖa, mi ame siwo katã doa dzo,
eye mieƒlɔa dzo ɖo,
mizɔ le miaƒe dzo ƒe keklẽ nu
kple dzo si mieƒlɔ ɖo la nu.
Nu si miakpɔ tso asinye me lae nye esi:
Miamlɔ anyi ɖe funyafunya me.