Yesaya 45
45
Aƒetɔ ɖo Kores dɔ nu
1Aƒetɔ gblɔ na Kores, eƒe amesiamina,
ame si ƒe nuɖusi melé, ne mabɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋgɔ,
eye matu alidziblanu na fiawo,
ne maʋu ʋɔwo le eŋkume,
eye agbowo matsi dodo o la, be:
2“Madze ŋgɔwò,
eye mana kpoƒewo nasɔ.
Matugu akɔbligbowo,
eye maŋe gametiwo.
3Matsɔ nu xɔasi siwo le blukɔ me
kple kesinɔnu siwo woƒo ƒu ɖe ɣaɣlaƒe la ana wò,
be nànyae
be nye Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu lae
tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
4Le nye dɔla Yakob
kple nye ame tiatia Israel ta,
metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
Metsɔ tɔgbuiŋkɔ na wò,
togbɔ be mèdze sim o hã.
5Nyee nye Aƒetɔ;
bubu aɖeke megali o.
Mawu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Mebla ali dzi na wò,
togbɔ be mèdze sim o hã.
6Mewɔ esia ne amewo nanyae
tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe
be ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Nyee nye Aƒetɔ;
ɖeke megali o.
7Nyee wɔ kekeli,
eye mewɔ viviti.
Nyee wɔ dzɔgbe nyui,
eye mewɔ dzɔgbevɔ̃e.
Nyee nye Aƒetɔ,
ame si wɔ nu siawo katã!
8Dziƒowo, miɖuɖu;
dziŋgɔli nadza nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
Anyigba nake nu,
ne xɔname nado,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ hã namie.
Nye Aƒetɔ ye wɔe.”
Aƒetɔ, xexemenuwo Wɔla kple amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmeŋutinya
9 #
Yes 29.16; Rom 9.20. Baba na ame si le dzre hem
kple ewɔla.
Anyize ko wònye
le zemela si me ɖe!
Ɖe tsu biaa ame si
le asi trɔm le eŋu la be:
Nu ka wɔm nèle
alo ɖe alɔ mele wò numeme la ŋu oa?
10Baba na ame si bia tɔ́a be:
‘Nu ka ta nèdzim?’
alo bia nyɔnu be:
‘Nu ka ƒe ku lém nèle?’ ”
11Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la
kple ewɔla la be:
“Ɖe miabia nyam
ku ɖe vinyewo ŋu
alo aɖe gbe nam
ku ɖe nye asinudɔwo ŋua?
12Nyee wɔ anyigba,
eye mewɔ ame ɖe edzi.
Nye asie he dziƒo me,
eye meɖe gbe na eŋu nuwo katã wodo.
13Nyee nyɔ Kores ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu,
eye mana eƒe mɔwo nadzɔ.
Agbugbɔ nye du la atso,
eye wòana ablɔɖe nye ame
siwo woɖe aboyoe la,
fetu alo nunana manɔmee.”
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
14Aƒetɔ be:
“Egipte ƒe nukpɔkpɔwo,
Nubia kple Sabatɔ dzɔtsuwo ƒe adzɔnuwo
age ɖe asiwò me, azu tɔwò.
Ame siawo adze yowòme;
woade ga wo,
eye woade ta agu na wò.
Woaƒo koko na wò be:
‘Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le;
ɖeke megali o.
Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.’ ”
15Nyateƒee, wò Israel ƒe Mawu, Xɔnametɔ la,
Mawu si ɣla eɖokui la, nènye!
16Ŋukpe lé wo katã,
eye woƒe mo tsi dãa.
Legbamèlawo katã tɔtɔ le yiyim.
17Ke Aƒetɔ xɔ Israel ya ɖe agbe tegbee.
Womado ŋukpe mi
alo gbɔgblɔ nabu ɖe mi akpɔakpɔ o.
18Aƒetɔ ye wɔ dziƒowo;
eya nye Mawu!
Eyae mè anyigba
wònye eƒe nuwɔwɔ.
Eɖoe anyi be wòanɔ anyi tegbee.
Mewɔe
be wòanɔ anyi nyamaa o,
ke boŋ be ame nanɔ edzi.
Eyae gblɔ be:
“Nyee nye Aƒetɔ,
bubu aɖeke megali o.
19Nyemeƒo nu le vivime
le anyigba ƒe afi aɖeke
si do blukɔ o.
Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be:
‘Midim le teƒe si tɔtɔ la’ o.
Nye Aƒetɔ la,
nyateƒee megblɔna
megblɔ nu si le eteƒe.
Aƒetɔ ɖu xexea me kple Babilonia-legbasubɔlawo dzi
20“Mi dukɔwo, miƒo mia ɖokui nu ƒu
ne miava.
Mi ame siwo katã tsi agbe
le dukɔwo dome, mite va.
Wo ame manyanu siwo lé
aklama kpakpɛ tikpowo ɖe ta,
eye wole gbe dom ɖa na mawu
siwo metea ŋu xɔa ame ɖe agbe o.
21Miva to miaƒe nya.
Mina woaƒo takpli
ne woade adaŋu kple wo nɔewo.
Ame kae gblɔ nya sia gbe aɖe gbe ke?
Ame kae ɖe gbeƒãe le blema?
Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa?
Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Mawu nu dzɔdzɔe Wɔla
kple Xɔnametɔ menye;
bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
22“Xexemedukɔwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye,
ne woaxɔ mi ɖe agbe!
Elabe nyee nye Mawu,
bubu aɖeke meli o.
23 #
Rom 14.11; Fil 2.10, 11. Metà nye ŋutɔ ɖokuinye;
nyateƒenya si do tso nye nu me la,
matrɔ gbeɖe o:
‘Klo sia klo atɔ anyi nam,
eye aɖe sia aɖe aka atam nam.’
24Woagblɔ be:
Aƒetɔ ko gbɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple ŋusẽ le.
Ame siwo katã do dziku ɖe eŋu la,
ava egbɔ eye ŋu akpe wo.
25Israel ƒe dzidzimeviwo katã aɖu dzi
to Aƒetɔ dzi,
eye woakafui.”
Currently Selected:
Yesaya 45: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.