Bible App logo
Search Icon

Yesaya 44

44
Aƒetɔ ɖeka koe nye Mawu
1“Ke azɔ, nye dɔla Yakob,
nye ame tiatia Israel, see!
2Aƒetɔ, ame si wɔ wò,
eye wòmè wò tso dɔme ke,
ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔ be:
Nye dɔla Yakob
kple nye ame tiatia Yesurun#44.2: YESURUN: Enye ŋkɔ si Mawu dana ɖe Israel dzi abe vi wɔnuteƒe, vi wɔamenugbe, si ŋu woaɖo ŋu ɖo la ene.,
mègavɔ̃ o!
3Elabe makɔ tsi
ɖe kuɖiɖinyigba dzi bababa
kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi.
Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe dzidzimeviwo dzi
kple nye yayra ɖe viwòwo dzi.
4Woamie abe gbe le tɔ me,
abe amuti le tɔ to ene.
5Ame si agblɔ be: ‘Aƒetɔ tɔ menye’
ame kemɛ ayɔ eɖokui be Yakob.
Ame bubu aŋlɔ
ɖe eƒe asi ŋu be:
‘Aƒetɔ tɔ’
eye woatsɔ Israel abe tɔgbuiŋkɔ ene.”
6 # Yes 48.12; Nyaɖ 1.17; 2.8; 22.13. Aƒetɔ, Israel Fia kple eƒe Ɖela,
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be:
“Nyee nye gbãtɔ,
eye nyee nye mlɔetɔ.
Mawu bubu aɖeke meli
kpe ɖe ŋunye o.
7Ame kae le abe nye ene?
Neɖe gbeƒãe, neɖe gbeƒãe
eye wòaɖee afia makpɔ.
Ame kae gblɔ nu siwo ava dzɔ la ɖi
tso blema ke?
Wonegblɔ nu siwo gagbɔna
dzɔdzɔ ge la na mí.
8Migavɔ̃ o,
ŋɔ megadzi mi o!
Ɖe nyemegblɔe na mi,
eye meɖe gbeƒãe
tso gbe aɖe gbe ke oa?
Miawoe nye nye ɖaseɖilawo.
Ɖe Mawu aɖe li
kpe ɖe ŋunyea?
Agakpe aɖeke meli o;
nyemenya ɖeke o.”
Woɖu fewu le trɔ̃subɔsubɔ ŋu
9Ame siwo mèa legbawo la, wo katã mele ɖeke me o. Nu siwo ŋu wokpɔa dzidzɔ le la, wonye nu dzodzrowo. Woƒe ɖasefowo mele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eya ta ŋu akpe wo. 10Ame kae wɔa mawu aɖe, alo kɔ̀a legba aɖe si meɖea vi aɖeke o mahã? 11Kpɔ ɖa, woado ŋukpe ehatiwo katã. Aɖaŋudɔwɔlawo ŋutɔ hã la, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã woneƒo ƒu ne woado va. Dzidzi aƒo wo, eye ŋu akpe wo katã.
12Gbede tsɔa ga yibɔ dea dzoka xɔxɔ me tua fíae. Etsɔa zu tunɛ, eye wòtsɔa eƒe alɔ sesẽ wɔa dɔ le eŋu. Dɔ wunɛ, wògbɔdzɔna; tsikɔ wunɛ, eƒe lã me tuna. 13Atikpala daa dzidzeka, eye wòdea dzesii kple ɣe. Etsɔa fi kpanɛ, eye wòtsɔa nudzidzega tanɛ. Ewɔnɛ ɖe ame ƒe dzedzeme me wonyakpɔna ne wòanɔ aƒeme. 14Etsoa sedertiwo. Etiaa fɔfɔlĩ alo logoti, eye wòɖonɛ ɖi wòtsina zua ati sesẽ le avemetiwo dome. Edoa sederti, eye tsidzadza nana be wòtsina. 15#Nya 13.11-19.Ale wòzua dzodonu na amegbetɔ. Etsɔa eƒe ɖe doa dzo ƒuna. Etsɔa ɖe doa dzo mea aboloe. Etsɔa ɖe wɔa mawui hesubɔna, eye wòtsɔa ɖe wɔa aklama kpakpɛ, dea ta agu nɛ. 16Etsɔa eƒe afã doa dzoe, eye wòmèa lã le edzi ɖuna. Etɔa lã wòɖia ƒo nɛ. Eƒua dzo hã gblɔna be: “Ehɛ̃, dzo ɖo lã me nam. Mekpɔ dzoa.” 17Etsɔa esi susɔ la wɔa mawui, eƒe legba. Edea ta agu nɛ, eye wòsubɔnɛ. Edoa gbe ɖa nɛ gblɔna be: “Ɖem elabe wòe nye nye mawu.”
18Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o elabe etre woƒe ŋkuwo bene womagakpɔ nu o. Etu woƒe susuwo bene womagase nu gɔme o. 19Ame aɖeke mebua eŋu alo nyaa nu alo dzea sii o, ne wòagblɔ be: “Metsɔ afã do dzoe, memè abolo le eƒe dzoka dzi, eye metɔ lã le edzi ɖu, ɖe matsɔ esi susɔ la awɔ ŋunyɔnuia? Ɖe made ta agu na atikpoa?” 20Enyia eɖokui kple dzofi. Eƒe susu tɔtɔ, eye wòtra mɔ; maɖe eƒe agbe o. Magblɔ na eɖokui be: “Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe ɖusi oa?”
Aƒetɔ ye nye Wɔla kple Xɔla
21Yakob, ɖo ŋku nu siawo dzi.
Israel, nye dɔla nènye.
Nyee wɔ wò nènye nye dɔla.
O, Israel, nyemaŋlɔ wò be o.
22Meklo wò dzidadawo ɖa
abe alilikpo ene
kple wò nuvɔ̃ ɖa abe afu ene.
Trɔ va gbɔnye
elabe nyee ɖe wò.
23Mi dziƒowo, midzi ha elabe Aƒetɔ ye wɔe!
Mi anyigba ƒe agunuwo, mido ɣli!
Migli kple dzidzɔha, mi towo, ave kple emeti ɖe sia ɖe
elabe Aƒetɔ ɖe Yakob
eye woade bubu eŋu le Israel.
24Aƒetɔ, Ɖewòla, ame si mè wò
tso dɔ me ke la be:
“Nyee nye Aƒetɔ,
si wɔ nuwo katã.
Nye ɖeka koe he dziƒo me,
eye mekeke anyigba ɖe enu.
Ame kae kpe ɖe ŋunye?
25 # Kor I, 1.20. Nyee nye ame si tɔtɔa aʋatsokalawo
ƒe dzesi me;
medoa bometsila afakalawo,
megbugbɔa nunyalawo yia megbe,
eye medoa lã woƒe nunya.
26Menaa nye dɔlawo ƒe nya vaa me.
Mewɔa eƒe amedɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi.
Megblɔ le Yerusalem ŋu
be ‘amewo aganɔ eme,’
le Yuda-duwo ŋu
be ‘woatso wo,’
eye mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu.
27Megblɔ na tɔ gɔme be:
‘Mie, mana wò tɔsisiwo
naƒu kplakplakpla.’
28 # Kron II, 36.23; Ezra 1.2. Megblɔ na Kores be
eyae nye nye alẽkplɔla la.
Awɔ nye didiwo katã dzi.
Megblɔ le Yerusalem ŋu
be ‘woatsoe’,
eye megblɔ le gbedoxɔ la ŋu be:
‘Woaɖo gɔwòme anyi.’ ”

Currently Selected:

Yesaya 44: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in