Yesaya 4
4
1Gbe ma gbe la, nyɔnu adrẽ alé ɖe ŋutsu ɖeka ŋu agblɔ be: “Míawo ŋutɔ míaɖu nu, ata avɔ le mía ɖokui si. Ɖeko míedi be woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu. Ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.”
Woagbugbɔ Yerusalem aɖo te
2Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ƒe atilɔ anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo kple atsyɔ̃ɖoɖo na Israel ƒe ame tsiagbewo. 3Ava eme be woayɔ Zion ƒe ame tsiagbe siwo tsi Yerusalem la be ame kɔkɔewo. Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la, 4nenye be Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ klɔ Zion vinyɔnuviwo ƒe ɖiƒoƒo ɖa, eye wòtutu ʋu si wokɔ ɖe Yerusalem la. 5#Mos II, 13.21; 24.16. Ekema Aƒetɔ aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to la ƒe takpeƒewo le ŋkeke me kple dzo bibi flaflafla ƒe keklẽ ɖa le zã me. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe anɔ nu sia nu tame. 6Agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli dodo le ŋkeke ƒe dzoxɔxɔ ɣeyiɣiwo me, eye wòanye sitsoƒe kple beɖoƒe le dziya kple tsidzadza ta.
Currently Selected:
Yesaya 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.