Bible App logo
Search Icon

Yesaya 3

3
Yerusalem tɔ zi
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la
aɖe nunɔamesiwo katã
kple nu siwo katã wode mee
la ɖa le Yerusalem kple Yuda.
Tsi kple nuɖuɖu hã avɔ keŋkeŋ.
2Kalẽtɔ kple aʋawɔla,
ʋɔnudrɔ̃la kple Mawu ƒe gbeƒãɖela,
afakala kple ame tsitsi,
3ame bla atɔ̃ aʋakplɔla
kple asrafomegã,
adaŋudela, gbesala bíbi
kple dzotɔ gã hã avɔ keŋkeŋ.
4Aƒetɔ be yeana ŋutsuviwo
naɖu fia ɖe wo dzi,
eye ɖevi suewo nakpɔ ŋusẽ
ɖe wo dzi.
5Ale amewo ate
wo nɔewo ɖe to;
ame sia ame atso ɖe nɔvia ŋu,
ame sia ame ɖe ehavi ŋu.
Sɔhɛwo mabu ame tsitsiwo o,
eye yakamewo atsi tre
ɖe bubumewo ŋu.
6Ava eme be ame alé nɔvia
le wo tɔ́ ƒeme agblɔ be:
“Wò ya awu ʋlaya le asiwò
eya ta nye míaƒe tatɔ,
nànɔ aƒedo sia nu.”
7Gbe ma gbe la, nɔvia ado ɣli be:
“Nyemanye dɔyɔla o.
Nuɖuɖu alo awu ʋlaya
mele aƒenye me o.
Migatsɔm ɖo dukɔa ƒe tatɔe o.”
8Elabe Yerusalem kli nu!
Yuda dze anyi!
Elabe woƒe nuƒo kple nuwɔnawo
tsi tre ɖe Aƒetɔ ŋu.
Wodze aglã le eƒe ŋutikɔkɔe la ŋkume.
9Woƒe mo le ɖase ɖim le wo ŋu.
Woɖea woƒe nuvɔ̃ fiana
abe Sodomtɔwo ene;
womeɣlanɛ o.
Baba na wo, elabe woawo ŋutɔ ɖokui ŋu
wole vɔ̃ wɔm ɖo.
10Migblɔ na nu dzɔdzɔe wɔla
be ele mɔ nyuitɔ dzi
elabe aɖu nu si wòwɔ la ƒe kutsetse.
11Ke baba na nuvɔ̃ɖi wɔla!
Vɔ̃ atui
elabe nu si eƒe asi wɔ da ɖi la,
eya teƒe woaɖo nɛ.
12Ɖevi le ŋuta sẽm le nye dukɔ ŋuti,
eye nyɔnuwo le edzi ɖum.
O nye dukɔ, kplɔwòlawo kplɔ wò trae,
eye wobaɖa afɔ na wò.
Aƒetɔ drɔ̃ ʋɔnu eƒe amewo
13Aƒetɔ xɔ enɔƒe azɔ be yeahe nya.
Ele tsitre be yeadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.
14Aƒetɔ kplɔ dukɔa ƒe ame tsitsiwo
kple ekplɔlawo yi ʋɔnui be:
“Miawoe fanya waingblewo.
Ame dahe ƒe nu siwo mieha la woe
yɔ xɔ na mi taŋ.
15Nu ka ta miele nye dukɔ la gbãm,
eye miele hiãtɔwo tugum ale?”
Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
Wogbe nya na Yerusalem-nyɔnuwo
16Aƒetɔ be:
“Esi Zion vinyɔnuviwo dàna,
liaa kɔ ganɛ, wua mo dzi nɔa zɔzɔm,
eye ne wole zɔzɔm la,
wonɔa kpe ʋuʋum,
eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋgleŋ ta la,
17“Aƒetɔ la alũ ta na Zion vinyɔnuviwo kolikolikoli,
eye Aƒetɔ aɖe ama wo.”
18Gbe ma gbe Aƒetɔ la aɖe afɔgɛ siwo ɖo atsyɔ̃, ŋgoblanuwo, kɔgɛwo, 19kɔwlawo kple alɔnugawo, takuwo, 20atsyɔ̃ɖonuwo na ta, abɔgɛwo, atsyɔ̃lidziblanuwo, ami ʋeʋẽe goewo kple sebɛwo, 21ŋkɔɖosigɛwo kple ŋɔtigɛwo, 22ŋkekenyui ɖuwuwo, awu ʋlayawo, taɖedziwo kple akplowo, 23awuwo#3.23: AWUWO: Gɔmeɖeɖe aɖewo be ahũhɔ̃ewo., aklalawuwo, tablanuwo kple motsyɔvɔwo.
24Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe woƒe
ʋeʋẽ lílilĩ teƒe.
Ta kokoe aɖɔli ɖaƒoƒo.
Akpanya axɔ ɖe awu ʋlaya xɔasi teƒe.
Woƒe tugbedzedze atrɔ zu ŋukpe.
25Dua me ŋutsuwo atsi yi nu,
woƒe kalẽtɔwo atsi aʋa.
26Dua ƒe agbowo axa nu, afa konyi;
woagbã dua, eye wòabɔbɔ nɔ anyigba.

Currently Selected:

Yesaya 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in