Bible App logo
Search Icon

Yesaya 12

12
Akpedaha
1Ɣe ma ɣi la, miagblɔ be:
“Aƒetɔ, mada akpe na wò!
Elabe èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye;
ke azɔ la, wò dzi fa,
eye nèfa akɔ nam.
2 # Mos II, 15.2; Ps 118.14. Kpɔ ɖa, Mawu nye nye xɔnametɔ.
Maɖo dzi ɖe eŋu;
nyemavɔ̃ o.
Elabe Aƒetɔ ye nye nye ŋusẽ kple nye ha;
eyae zu nye xɔnametɔ.”
3Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ. 4Miagblɔ gbe ma gbe be:
“Mida akpe na Aƒetɔ!
Miyɔ eŋkɔ!
Mina dukɔwo nanya
nu siwo wòwɔ la!
Miɖe gbeƒã be eŋkɔ de dzi!
5Midzi ha kafu Aƒetɔ
le nukunu siwo wòwɔ la ta.
Mina xexe blibo la nanya
nu si dzɔ.
6Zion-nɔla, do ɣli
eye nàdzi ha kple dzidzɔ!
Elabe Israel ƒe Kɔkɔetɔ triakɔ la
le dowòme.”

Currently Selected:

Yesaya 12: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in