Yesaya 11
11
Fiaɖuƒe si me ŋutifafa le
1 #
Nyaɖ 5.5; 22.16. Atilɔ adze tso Yese ƒe atitakpo me,
eye alɔdzedze atso eƒe kè me.#11.1: Hebri Biblia be: Atilɔ adze tso Yese ƒe atitakpo me, eye alɔdzedze atso eƒe kè me atse ku.
2Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ si nye
sidzedze kple nugɔmesese ƒe gbɔgbɔ,
adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ,
nunya kple Aƒetɔ -vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.
3Akpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ -vɔvɔ̃ ŋu;
madrɔ̃ ʋɔnu le nu
si eƒe ŋku kpɔna la nu o,
eye matso afia le nu
si eƒe to sena la nu o.
4 #
Tes II, 2.8. Ke boŋ adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
na ame dahewo
eye wòatso afia
na anyigba dzi wɔnamanɔŋutɔwo ɖe eteƒe.
Atsɔ eƒe numenya abe ameƒoti ene
ahe to na anyigba la,
eye wòatsɔ gbɔgbɔ si tso eƒe nu me la,
awu ame vɔ̃ɖi lae.
5 #
Efes 6.14. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ anye alidziblanu
le eƒe ali,
eye nuteƒewɔwɔ anye alidziblanu
le eƒe aklito.
6 #
Yes 65.25. Amegãxi kple alẽvi anɔ teƒe ɖeka;
lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ.
Nyivi kple dzata kpakple nyi dami
anɔ wo nɔewo gbɔ,
eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo.
7Nyinɔ kple sisiblisinɔ aɖu gbe;
wo viwo atsyɔ akɔ ɖe teƒe ɖeka.
Dzata aɖu gbe abe nyitsu ene.
8Vi nono afe le ƒli ƒe do nu,
eye vi si wotso no na la, aƒo asi
ɖe dakpui ƒe do me.
9 #
Xab 2.14. Le Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi la,
womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu o.
Elabe sidzedze Aƒetɔ
axɔ anyigba la dzi
abe ale si tsi yɔ atsiaƒui la ene.
Aboyomeyilawo atrɔ gbɔ
10 #
Rom 15.12. Ava eme ɣe ma ɣi be dukɔwo adi Yese ƒe kè si nye dzesi na dukɔwo la yome, eye bubu anɔ eƒe nɔƒe ŋu.
11Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ la awɔ eƒe ŋusẽ ŋu dɔ zi evelia akplɔ eƒe ame siwo katã susɔ ɖe Asiria, Egipte, Patros#11.11: PATROS: Wogayɔnɛ hã be Egipte-nyigba ƒe anyigbeme. Kpɔ Yer 44.1,15; Xez 29.14; 30.14., Nubia, Elam, Babilonia, Xamat kple ƒukpowo dzi la agbɔ va aƒee.
12Akɔ aflaga dzi na dukɔwo,
eye woaƒo Israel ƒe ame
siwo wonyà de gbe
kple Yudatɔ siwo wokaka hlẽ la nu ƒu
tso anyigba ƒe go eneawo dzi la.
13Efrayim ƒe ŋuʋaʋã nu atso,
eye ame siwo ɖea fu na Yuda la, aɖe ɖa.
Efrayim magaʋã ŋu Yuda azɔ o,
eye Yuda magaɖe fu na Efrayim azɔ o.
14Ke boŋ woaƒo ƒu adze Filistitɔwo dzi
le ɣetoɖoƒe gome,
eye woaƒo ƒu aɖaha ame
siwo le ɣedzeƒe gome la.
Woaɖu Edom kple Moab tɔwo dzi,
eye Amonviwo aɖo to wo.
15 #
Nyaɖ 16.12. Aƒetɔ ana Egipte-ƒu la ƒe adɔ̃
namie keŋ,
eye wòanye asi ya xɔdzo naƒo
to Frat-tɔsisi la dzi.
Amae ɖe tɔʋu adrẽ me
ale be amewo anɔ atokota me atsoe.
16Anye mɔ tata gã tso Asiria
na eƒe dukɔ ƒe ame mamlɛ siwo susɔ
abe ale si wònɔ na Israel
esime wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.