Bible App logo
Search Icon

Hosea 3

3
Hosea kple nyɔnu mawɔnuteƒe la
1Aƒetɔ gblɔ nam be: “Gayi nàɖadi nyɔnu si le zɔzɔm kple ŋutsu bubu aɖe la. Lɔ̃e abe ale si nye hã megalɔ̃ Israel ene. Togbɔ be wogale mawu bubuwo subɔm, eye wotsɔ waintsetse le abolo ƒom na wo hã la, megalɔ̃ wo.” 2Ale mexe klosaloga wui atɔ̃ kple bli kilo alafa ɖeka bla atɔ̃ ɖe nyɔnua ta hexɔe. 3Megblɔ nɛ be: “Tɔ ɖe gbɔnye koŋ azɔ; mègawɔ gbolo loo, alo nànye ŋutsu bubu tɔ o. Nye hã manɔ na wò nenema.” 4Elabe Israelviwo hã anɔ anyi alea eteƒe adidi; fia alo kplɔla manɔ wo si o, eye womagasa vɔ o. Legba alo kɔmewu alo aklama kpakpɛ aɖeke hã manɔ wo si o. 5Ke emegbe la, Israelviwo agatrɔ ava di Aƒetɔ, woƒe Mawu la kple David, woƒe fia la. Woatsɔ vɔvɔ̃ ava Aƒetɔ

Currently Selected:

Hosea 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in