Hosea 2
2
1 # 2.1: Esia nye Ta 2.3 le Hebri Biblia me. Miyɔ mia nɔviŋutsu be “Nyedukɔ”, eye miyɔ mia nɔvinyɔnu be “Nyeamekpɔnublanuina.”
Gomer mawɔnuteƒe, Israel mawɔnuteƒe
2“Miƒo koko na mia nɔ, Miƒo koko nɛ -
elabe menye srɔ̃nye o,
eye nyemenye srɔ̃a o -
be wòaɖe gbolowɔwɔ le mo
kple ahasiwɔwɔ ɖa le eƒe nowo domee.
3Ne menye nenema o la,
maɖe amae,
eye mawɔe wòanɔ abe gbe si gbe wodzii ene.
Mawɔe wòanɔ abe gbedadaƒo ene,
wòanɔ abe kuɖiɖinyigba ene,
eye mana tsikɔ nawui wòaku.
4Nyemakpɔ nublanui na mi viawo hã o,
elabe ahasiviwo wonye.
5Elabe wo nɔ wɔ gbɔlo;
eye ame si dzi wo wɔ ŋukpenanu.
Elabe egblɔ be:
‘Matrɔ ayi nye ahiãviwo gbɔ,
woawoe naa nye nuɖuɖu kple tsim,
nye alẽfu kple anazi,
nye ami kple wain nunonom.’
6Eya ta matsɔ ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi,
maɖo gli aƒo xlã eyama
ale be mate ŋu akpɔ eƒe toƒewo o.
7Ati eƒe ahiãviwo yome,
ke eƒe asi matu wo o;
adi wo,
ke make ɖe wo ŋu o.
Tete agblɔ be:
‘Magbugbɔ ayi srɔ̃nye gbãtɔ gbɔ,
elabe enyo nam tsã
wu fifia.’
8Ke medze sii be nyee nye ame si naa bli,
wain kple ami, ame si naa klosalo kple sika geɖe
siwo ŋudɔ wowɔna le Baal gbɔ la o.
9Eya ta magbugbɔ axɔ nye bli ne ɣeyiɣia ɖo edzi,
maxɔ nye wain, ne azãgbea ɖo edzi.
Maxɔ nye alẽfu kple nye anazi
siwo xea eƒe ama me.
10Azɔ la, maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi
le eƒe ahiãviwo ŋkume,
eye ame aɖeke maxɔe le asinye o.
11Matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã nu:
ƒetatrɔ ŋkekenyuiwo, ɣleti dzedzi ŋkekenyuiwo
dzudzɔgbewo,
kple eƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo katã.
12Magblẽ eƒe wainka kple gboti
siwo ŋu wògblɔ le be: ‘Esiawo nye fetu,
siwo nye ahiãviwo nam’
esime yewonɔ zɔzɔm la dome.
Mana woazu ave,
eye gbemelãwo avuvu wo.
13Mahe to nɛ
ɖe Baalwoƒe ŋkekenyuiwo ta,
esime wòdo lifidzudzɔ na wo,
eye wòɖo atsyɔ̃ na eɖokui kple eƒe asigɛ kpakple atsyɔ̃ɖonuwo
hekplɔ eƒe ahiãviwo ɖo,
eye wòŋlɔm be,
Aƒetɔ lae gblɔe.”
Aƒetɔ lɔ̃ eƒe dukɔ la
14“Eya ta kpɔ ɖa, mable enu
akplɔe va gbedadaƒo,
eye maƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.
15 #
Yos 7.24-26. Magatrɔ eƒe waingblewo nɛ le afi ma,
eye mawɔ Azor-bali la
wòazu mɔkpɔkpɔ ƒe ʋɔtru.
Aɖo eŋu le afi ma abe eƒe ɖetugbimenɔɣi ene
abe esime wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
16Aƒetɔ be: “Le ɣe ma ɣi me la, àyɔm be ‘Srɔ̃nye’, eye màgayɔm be ‘Nye Baal’ azɔ o. 17Elabe maɖe Baalwo ŋkɔ ɖa le eƒe nu me, eye womagayɔ wo ŋkɔ azɔ o. 18Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu kple gbemelãwo kple xewo kpakple nutatawo katã ɖe nye dukɔ nu. Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi, eye mana woamlɔ anyi anɔ dedie. 19Matsɔ wò awɔ nye ŋugbetɔe tegbee. Matsɔ wò ana ɖokuinye le nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me, nànye nye ŋugbetɔ. 20Matsɔ wò ana ɖokuinye le nuteƒewɔwɔ me, eye àdze si Aƒetɔ.”
21“Aƒetɔ be: “Ɣe ma ɣi la maɖo eŋu na dziƒowo
eye woawo hã aɖo eŋu na anyigba.
22Anyigba aɖo eŋu na bli, wain kple ami,
eye woawo hã aɖo eŋu na Yezreel.
23 #
Rom 9.25; Pet I, 2.10. Maƒãe na ɖokuinye
ɖe anyigba la dzi.
Makpɔ nublanui na
Amemakpɔnublanuina;
eye magblɔ na
Amemanyenyedukɔ
be, ‘Nye dukɔe nènye’,
eye eya agblɔ be,
‘Wòe nye nye Mawu.’ ”
Currently Selected:
Hosea 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.