Hosea 14
14
Hosea bia tso Israelviwo si be woagate ɖe Mawu ŋu
1Israel, gatrɔ va Aƒetɔ, wò Mawu la gbɔ,
elabe miekli nu le miaƒe vodadawo ta.
2Nya siawo nenɔ mia nu miatrɔ ayi Aƒetɔ gbɔ
aɖagblɔ nɛ be:
“Tsɔ vodadawo katã ke,
xɔ nu si nyo
eye míana nu si míeke nu
gblɔ be míana la.
3Asiria maxɔ na mí o,
míele sɔwo do ge o.
Míagagblɔ na legba siwo míewɔ
kple asi la azɔ be, ‘Mía Mawu’ o.
Wòe kpɔa nublanui na tsyɔ̃eviwo.”
Aƒetɔ do ŋugbe na Israelviwo be yeana woaganɔ agbe yeye
4Mayɔ dɔ woƒe nuteƒemawɔmawɔ.
Malɔ̃ wo tso dzime ke,
elabe nye dzi fa ɖe wo ŋu azɔ.
5Manɔ na Israelviwo abe zãmu ene.
awɔ abe dzogbenya ene,
eye wòali ke zã
abe ati siwo le Lebanon ene.
6Eƒe alɔwo avu dranyii,
eye wòanyakpɔ abe amiti ene.
Woanɔ ʋeʋẽm lílili
abe ati siwo le Lebanon ene.
7Woatrɔ va anɔ nye vɔvɔli te.
Woawɔ nyuie abe abɔ#14.7: Mawunyagbalẽ geɖe gblɔ be: Abɔ si me nukuwo wɔ nyuie le. Ke Hebri Biblia be: … ƒã bli. ene.
Woatse abe wainka ene,
eye woaʋẽ lílili
abe Lebanon-wain ene.
8Efrayim, nu ka mawɔ kple legbawo?
Nyee ɖoa miaƒe gbedodoɖawo ŋu,
eye meléa be na mi.
Mele abe sesewu dama ene,
gbɔnyee miaƒe kutsetse tso.
Nuwunya
9Ame si nye nunyala la, nese nu siawo gɔme,
eye ame si sea nugɔme la nedze sii;
elabe Aƒetɔ ƒe mɔwo dzɔ,
eye ame dzɔdzɔewo zɔa edzi,
ke ame vɔ̃ɖiwo klia nu dzea anyi ɖe edzi.
Currently Selected:
Hosea 14: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.