Hosea 13
13
Tohehe na Israel
1Ne Efrayim ƒo nu la,
ŋutsuwo dzona nyànyanya.
Bubu nɔ eŋu le Israel.
Ke eɖi fɔ to Baal subɔsubɔ me,
eye wòku.
2Azɔ wogale nuvɔ̃ wɔwɔ dzi ko,
eye wowɔ nuwo ƒe nɔnɔme na wo ɖokui.
Wotsɔ klosalo kɔ̀ legbawo aɖaŋutɔe.
Wo katã wonye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔ.
Tete wogblɔ be: “Misa vɔ na esiawo!”
Amegbetɔ nagbugbɔ nu na nyiviwo!
3Eya ta woanɔ
abe afu si dona le ŋdi me ene,
alo zãmu si nu yina ŋdi kanya ene.
Woanɔ abe nutsro si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe,
alo dzudzɔ si toa fesre nu ene.
4Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu la,
tso Egipte-nyigba dzi.
Mènya Mawu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.
eye xɔnametɔ aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
5 #
Mos V, 8.11-17. Nyee kpɔ tawò le gbedadaƒo,
le kuɖiɖinyigba dzi.
6Ke esi woɖu nu ɖi ƒo,
heɖi ƒo nyuie la,
wode asi dàda me,
eya ta woŋlɔm be.
7Eya ta manɔ abe dzata ene na wo;
abe lãkle ene made xa
ɖe mɔ dzi anɔ wo lalam.
8Madze wo dzi abe sisiblisinɔ
si ƒe viwo wolé dzoe la ene.
Mafé akɔta na wo,
eye mavuvu wo abe dzata ene le afi ma,
abe ale si lã wɔadã avuvu woe ene.
9Israel, mele mia tsrɔ̃ ge!
Ame kae ate ŋu akpe ɖe mia ŋu?
10 #
Sam I, 8.5, 6. Azɔ miaƒe fia la ɖe?
Ne wòaxɔ na mi.
Miaƒe amegãwo katã ɖe? Ne woaʋli mia ta.
Menye woawo ŋui miegblɔ le be, “Ɖo fia kple amegãwo na mí” oa?
11 # Sam I, 10.17-24;
Sam I, 15.26. Dziku mee mena fiawo mi le
hexɔ wo le mia si le dɔmedzoe me.
12Wobla Efrayim ƒe vodada da ɖi,
eye wodzra eƒe nuvɔ̃ ɖo ɖe nudzraɖoƒe.
13Vidzidzi ƒe vevesese tui,
ke viŋutsuvi manyanu wònye;
elabe eya ŋutɔ medo ta ɖe vidzidɔ nu
be woadzi ye o.
14 #
Kor I, 15.55. Ɖe maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ si mea?
Ɖe maxɔ wo tso ku Saɖagatsi sia?
Ku, wò dɔ vɔ̃wo ɖe?
Tsiẽƒe, wò tsɔtsrɔ̃ ɖe?
Nublanuikpɔkpɔ le ɣaɣla ɖe nye ŋkuwo.
15Togbɔ be awɔ nyuie
abe aƒla ene hã la,
ɣedzeƒeya, Aƒetɔ ƒe yaƒoƒo ava,
atsó tso gbedadaƒo la;
eƒe vudowo amie,
eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu.
Atsɔ nu siwo katã le vevi na wo la adzoe.
16 # 13.16: Esia nye Ta 14.1 le Hebri Biblia me. Samaria atsɔ eƒe fɔɖiɖi ƒe agba
elabe edze aglã ɖe eƒe Mawu ŋu.
Woatsi yi nu le aʋa me;
woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe nu woakaka,
eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.
Currently Selected:
Hosea 13: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.