YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 33

33
Yakob do go Esau
1Yakob fɔ mo dzi, eye wòkpɔ Esau kple eŋume alafa eneawo wogbɔna, ale wòma ɖeviawo na Lea, Raxel kple kosi eveawo. 2Etsɔ kosi eveawo kple wo viwo ɖo ŋgɔ, eyome la, Lea kple viawo va, eye Raxel kple Yosef wonɔ megbea. 3Eya ŋutɔ va le ŋgɔ na wo, eye wòle ta dem agu ʋuu zi adrẽ va se ɖe esime wògogo nɔvia. 4Ke Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wògbugbɔ nu nɛ, eye wofa avi. 5Esi Esau fɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia be: “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be: “Vi siwo Mawu nyo dɔme, na nye wò dɔla woe.” 6Tete kosiawo te va kple wo viwo, eye wode ta agu nɛ. 7Lea kple viawo hã te va, va de ta agu. Emegbe Raxel kple Yosef hã te va, eye wode ta agu nɛ. 8Esau biae be: “Lãha kawoe nye gbogbo siwo va kpem le mɔ dzi?” Yakob ɖo eŋu be: “Ɖe mebe matsɔ wo afa dzi na nye aƒetɔ.” 9Ke Esau ɖo eŋu be: “Nɔvinye, nu le asinye sɔ gbɔ. Wò nuwo nenɔ asiwò ko.” 10Yakob ɖo eŋu be: “Gbeɖe! Meɖe kuku, ne èdi be nye dzi nadze eme tututu la, ekema xɔ nye nunana la! Elabe esi mele kpɔwòm fifi laa la, ɖeko wòwɔ nam abe Mawu kpɔm mele ene. Ale si nève nunye wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. 11Meɖe kuku, xɔ nye nunana la nam ko, elabe Mawu yram mekpɔ nu geɖe.” Ale wòƒo nya ɖe Esau nu va se ɖe esime wòxɔ nunanaawo.
12Azɔ Esau gblɔ be: “Na míadze mɔ; manɔ ŋgɔ, ne miakplɔm ɖo.” 13Yakob ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya be ɖevi suewo, lã vi nɔwo kple wo vi nonowo hã le ŋunye. Ne míekplɔ wo kple du ŋkeke ɖeka teti hã la, wo katã atsrɔ̃. 14Meɖe kuku, do ŋgɔ nam ne manɔ yowòme blewuu ale si lãha la kple ɖeviawo ate ŋu azɔe, va se ɖe esime matu wò le Seir.”
15Ale Esau xɔ edzi be: “Ekema magblẽ ŋunyeme aɖewo ɖe gbɔwò.” Gake Yakob gagblɔ be: “Ɖe wòhiã? Na makpɔ amenuveve le nye aƒetɔ ŋkume koe!” 16Ale Esau dze mɔ gatrɔ ɖo ta Edom gbe ma gbe ke. 17Ke Yakob ɖo ta Sukot. Etso aƒe ɖe afi ma eye wòtu lãkpɔ na eƒe lãhawo hã ɖe afi ma. Eya tae wotsɔ ŋkɔ na afi ma be Sukot#33.17: SUKOT: Ŋkɔ sia gɔmee nye nɔƒe le Hebri-gbe me..
18Esi Yakob trɔ gbɔ tso Padan-Aram la, eva ɖo Sixem-dua me le Kanaan-nyigba dzi dedie, eye wònɔ dua xa. 19#Yos 24.32; Yoh 4.5. Eƒle anyigba si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la le Hemor, ame si tso Sixem-dua la viwo si klosaloga alafa ɖeka. 20Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be: El-Elohe-Israel#33.20: EL-ELOHE-ISRAEL: Ŋkɔ sia gɔmee nye Mawu, Israel ƒe Mawu.

Currently Selected:

Mose I 33: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy