YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 32

32
Yakob dzra ɖo be yeado go Esau
1Yakob dzo yina, eye Mawu ƒe dɔlawo va do goe. 2Esi wòkpɔ wo la, egblɔ be: “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Ale wòna ŋkɔ teƒea be Maxanaim#32.2: MAXANAIM: Ŋkɔ sia gɔmee nye asaɖa eve le Hebri-gbe me..
3Yakob dɔ dɔlawo ɖo ɖe nɔvia Esau gbɔ le Seir-nyigba dzi le Edom-gbegbe. 4Egblɔ na wo be: “Migblɔ na nye aƒetɔ Esau be: ‘Nye, wò dɔla Yakob mebe medzo ɖanɔ Laban gbɔ abe amedzro ene ʋuu va se ɖe fifi. 5Nyiwo, tedziwo, alẽwo, kluviwo kple kosiwo va ɖo asinye fũu, eya ta mele ame dɔm ɖe wò, nye aƒetɔ, be nàve nunye.’ ”
6Amedɔdɔawo trɔ va Yakob gbɔ gblɔ nɛ be: “Míede ɖakpɔ nɔviwò Esau, eye eya hã gbɔna be yeava kpe wò. Ekplɔ ame alafa ene ɖe ŋuti gbɔnae.” 7Tete dzika tso Yakob ƒo, eye wòvɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Ema eƒe amewo ɖe hatsotso eve me, eye wòma alẽawo, nyiawo kple kposɔawo hã ɖe akpa eve me. 8Egblɔ na eɖokui be: “Ne eva eme be Esau va dze hatsotso ɖeka dzi, ɖu edzi la, ekema hatsotso evelia ya así dzo.”
9Yakob gblɔ be: “Tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple tɔ́nye Isak ƒe Mawu, Aƒetɔ, wòe gblɔ nam be: ‘Trɔ yi mia denyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyui na wò.’ 10Èlɔ̃m vevie, eye nèwɔa nuteƒe na nye, wò dɔla ɣe sia ɣi, evɔ nyemedze hafi o. Atizɔti koe nɔ asinye metsɔ tsò Yordan-tɔsisi siae; ke azɔ la, megbɔ va kple asaɖa eve. 11Meɖe kuku na wò, ɖem tso nɔvinye Esau si me. Mele evɔ̃m ŋutɔ. Ne menye nenema o la, ava sim, atsrɔ̃ vi nɔwo kple wo viwo gɔ̃ hã. 12#Mos I, 22.17. Evɔ wònye wòe gblɔ nam be: ‘Mana nu sia nu nadze edzi na wò nyuie; wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene.’ ”
13Wotsi afi ma dɔ ŋu ke, eye Yakob tsɔ nu siwo le esi la ƒe ɖe ɖo ɖe nɔvia Esau. 14Eɖo gbɔ̃nɔ alafa eve, gbɔ̃tsu bla eve, alẽnɔ alafa eve kple agbo bla eve, 15kposɔ vi nɔ siwo le no nam vi la, bla etɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ bla eve kple nyitsu ewo, tedzinɔ bla eve kple tedzitsu ewo ɖee. 16Ena dɔlaawo ma lã vovovoawo ɖa tso wo nɔewo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Miva dze ŋgɔ nam, eye mina dometsotso nanɔ lãha vovovoawo dome.” 17Egblɔ na dɔla ŋgɔgbetɔ be: “Ne nɔvinye Esau va do go wò, eye wòbia wò be: ‘Ame ka vie nènye? Afi ka nèyina? Ame ka ƒe lãhawoe nye esiawo le ŋgɔwò?’ mahã la, 18ɖo eŋu nɛ be: ‘Wò dɔla Yakob tɔwoe. Nunana wònye wòɖo ɖe eƒe aƒetɔ Esau. Eya ŋutɔ le megbe gbɔna.’ ” 19Egblɔ nya ma ke na ame evelia, etɔ̃lia kple bubu siwo katã le lãhaawo nu la be: “Ne miedo go Esau la, migblɔ nya si megblɔ la tututu. 20Migblɔ be: ‘Wò dɔla Yakob ŋutɔ hã le megbe gbɔna.’ ” Elabe egblɔ le eɖokui me be: “Nunana siwo dze ŋgɔ la afa dzi nɛ gbã hafi nye ŋutɔ mava do ɖe eŋkume. Ɖewohĩ alɔ̃ axɔm.” 21Ale nunanaawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa la me dɔ zã ma me.
Yakob te kame kple ŋutsu aɖe le Peniel
22Le zã ma me ke la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotsò Yabok-tɔsisi la. 23#Nya 10.12.Ena wokplɔ wo tsò tɔ lae, eye nu siwo katã le esi la ɖo tɔa godo vɔ. 24#Hos 12.3, 4. Ke eya ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsu aɖe va te kame kplii ʋuu va se ɖe fɔŋli. 25Esi ŋutsua kpɔ be yemete ŋu ɖu Yakob dzi o la, etɔ asi eƒe aligo, eye eƒe aligokpeƒe ɖɔli. 26Ŋutsua gblɔ be: “Ɖe asi le ŋunye madzo; ŋu le kekem!” Ke Yakob ɖo eŋu nɛ be: “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o; negbe ɖeko nàyram hafi.” 27Ŋutsua biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be: “Yakob.” 28#Mos I, 35.10. Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Womagayɔ wò be Yakob azɔ o; ke boŋ woayɔ wò be Israel elabe ète kame kple Mawu gate kame kple ame hã eye nèɖu dzi.” 29#Ɖel 13.17, 18. Yakob xɔ edzi be: “Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam.” Ke ŋutsua ɖo eŋu be: “Nu ka ta nèdi be yeanya nye ŋkɔ?” Tete wòyra Yakob.
30Yakob gblɔ be: “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.” Ale wòtsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Peniel. 31Ɣe dze esime wòdzo le afi ma yina. Enɔ tɔ̀tɔm ɖe ata ɖeka dzi. 32Esi wònye lãkusi sesẽ si le aligokpeƒee ame la tɔ asii na Yakob ta la, va se ɖe egbe Israelviwo meɖua lã ƒe akpa ma o.

Currently Selected:

Mose I 32: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy