Bible App logo
Search Icon

Nyagblɔla Salomo 7

7
Nuxɔxlɔ̃ le agbe ŋu
1 # Lod 22.1. Ŋkɔ nyui nyo wu ami ʋeʋẽe nyui;
kugbe nyo wu dzigbe.
2Kuteƒeyiyi
nyo wu agbeɖuƒeyiyi
elabe kue nye ame sia ame ƒe nuwuwu
ale be wòanɔ susu me na agbagbeawo.
3Nuxaxa nyo wu nukoko,
elabe ne ame ƒe mo lé blanui la,
eƒe susu me kɔna.
4Nunyalawo ƒe susu nɔa kuteƒe;
ke bometsilawo ƒe susu ya nɔa agbeɖuƒe.
5Enyo be woase nunyalawo ƒe mokaname
wu bometsilawo ƒe hadzidzi.
6Elabe bometsilawo ƒe nukoko ɖina
abe ale si ŋu wóna le dzo me kpotokpoto le ze te ene.
Esia hã nu dzodzro ko wònye.
7Nyateƒe, ameteteɖeto ɖe wònana be nunyala zua tsukunɔ;
zãnu ɖe wògblẽa ame.
8Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze,
eye dzigbɔɖila nyo wu dàdala.
9 # Yak 1.19. Mègado dziku kabakaba o,
elabe bometsilawo mee dziku xɔa aƒe ɖo.
10Mègabia be: “Nu ka ta tsã nyo wu egbe?” hã o.
Ne èbia nenema la, ekema nunya mele wò biabia la me o.
11Nunya nye nu nyui abe domenyinu ene.
Viɖe le eŋu na ame siwo le ɣe kpɔm la.
12Nunya ɖoa vɔvɔli ɖe ame dzi abe ale si ga ɖoa vɔvɔli ɖe ame dzii ene.
Nu si nyo le nunya ŋue nye be sidzedze léa ame si si wòle la ƒe agbe ɖe te.
13Lé ŋku ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu.
Ame kae ate ŋu adzɔ nu si wòglɔ̃ la?
14Kpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi siwo me nu nyo na wò la, eye gbe si gbe hiã tu wò la, bu tame. Mawue ɖo wo kple eve siaa alea, bene agbenɔawo naganya nu si ava dzɔ le wo megbe la o.
15Le nye agbe dzodzro sia me la, mekpɔ nu sia nu. Ame dzɔdzɔe ku le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ me. Ame vɔ̃ɖi didi eƒe agbe ɖe edzi le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. 16Mègawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, nenema ke mègadze nunya akpa o. Nu ka ta nèdi ku na ɖokuiwò? 17Mègawɔ nuvɔ̃ɖi gbɔ me o, eye mèganye bometsila o. Nu ka ta nàdi be yeaku hafi wò kuɣi naɖo? 18Menyo be nàlé esia me ɖe asi, eye nàɖe asi le ekemɛ hã ŋu o. Ame si vɔ̃a Mawu la akpɔ dzidzedze ne elé wo kple eve la katã me ɖe asi.
19Nunya naa ŋusẽ nunyala wu ŋusẽtɔ ewo le du me.
20Le nyateƒe me la, ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi si wɔa nu nyui, eye mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o.
21Mègake to ɖi be yease nu sia nu si gblɔm amewo le o. Ne menye nenema o la, àva se wò subɔla wòanɔ fi ƒom de wò. 22Wò ŋutɔ ènya nyuie le wò dzime be ye hã yeƒo fi de ame bubuwo zi geɖe.
23Metsɔ nunya dzro nu siawo katã me kpɔ. Meɖo kpe edzi be madze nunya. Ke nunya le adzɔge ʋĩi tso gbɔnye. 24Nu si li la gbɔ metsɔ o, eye eme goglo ʋĩi. Ame kae ate ŋu adii ake ɖe eŋu? 25Metrɔ ɖe sidzedze ŋu. Medi nunya, ti eyome be madze si nu vevitɔ, eye manya be nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la, bometsitsie, eye movidzɔdzɔ la aɖaʋadzedze ye. 26Meke ɖe nu si vena wu ku la ŋu. Eyae nye nyɔnu si ƒe dzi nye mɔ̀ tetre kple ɖɔ, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la sína le enu. Ke nuvɔ̃wɔla gena ɖe eƒe mɔ̀ me. 27Nyagblɔla la be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu ɖeka kpe ɖe bubu ŋu be make ɖe ŋuɖoɖoa ŋu. 28Medii, gadii ʋuu, ke nyemeke ɖe eŋu o. Ŋutsu ɖeka ŋu ko meke ɖo le akpe dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka pɛ hã le wo katã dome o. 29Kpɔ ɖa, nu si ko ŋu meke ɖo gobie nye esi: Mawu wɔ amegbetɔ be wòato mɔ ɖeka tẽe, ke eya ŋutɔ di ayemɔ geɖe na eɖokui.

Currently Selected:

Nyagblɔla Salomo 7: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in