Skip to content

Nyagblɔla Salomo 6

6
1Mekpɔ nu masɔmasɔ aɖe hã le ɣea te si nye agba na amegbetɔƒomea. 2Eya nye ame si Mawu na kesinɔnu, nunɔamesiwo kple bubui, eye nu siwo katã wòdina sua esi, ke Mawu mena ŋusẽe be wòaɖu nu siawo ƒe ɖeke o, boŋ wònye ame tutɔe va ɖunɛ la. Esia hã nye nu dzodzro kple dɔléle vɔ̃ɖi aɖe. 3Ne ame aɖe dzi vi alafa, nɔ agbe, tsi xɔ ƒè geɖee ŋutɔ, ke nu nyuiwo meɖi ƒo nɛ o, alo womeɖii nyuie o la, mebe fu gegee gɔ̃ hã tɔ me nyo wu etɔ. 4Elabe fu gegee la dzɔ yakatsyɔ gabu ɖe viviti me, eye viviti la nyè tsyɔ eƒe ŋkɔ dzi. 5Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ ɣe kpɔ alo nyae o. Evɔ la, eyama ƒe dzi dze eme wu ame kemɛ tɔ. 6Nenye ame la ɖe wònɔ agbe ƒe akpe, ganɔ ƒe akpe kpee, meɖu agbe aɖeke o la, ɖe menye teƒe ɖeka ma ke ko amewo katã yina oa?
7Dɔ sia dɔ si amegbetɔ wɔna la, nu ko wòwɔnɛ na, gake eƒe nudzodzro nu metsina o. 8Nu kae nunyala tsɔ wú bometsila? Viɖe ka ame dahe si nya zɔzɔ le agbe me la kpɔna? 9Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsa glãla tsatsa. Esia hã nu dzodzro kple yadɔ ko wònye.
10Nu si dzɔ la, ŋkɔ li nɛ xoxo, eye ele nyanya be amegbetɔ mete ŋu hea nya kple ame si tri akɔ wui la o. 11Nuƒoƒo geɖe, nya gbɔlo geɖe; viɖe kae le eme na amegbetɔ? 12Elabe ame kae nya nu si nyo na amegbetɔ le eƒe agbenɔɣi dzodzro si nu va yina abe vɔvɔli ene la me? Elabe ame kae ate ŋu agblɔ nu si ava eme le amegbetɔ megbe la nɛ le ɣea te?