Samuel II 9
9
David kple Mefiboset
1 #
Sam I, 20.15-17. Gbe ɖeka la, David bia be: “Ɖe ame aɖeke mesusɔ ɖe Saul ƒeme, ne maxa ɖe Yonatan ta anyo dɔme nɛ oa?” 2Dɔla aɖe le Saul ƒeme si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David gbɔ eye fia la biae be: “Wòe nye Zibaa?” Eɖo eŋu be: “Meɖe kuku, nyee.” 3#Sam II, 4.4. Fia la biae be: “Ɖe ame aɖeke megale Saul ƒeme si manyo dɔme na abe Mawu ene oa?” Ziba ɖo eŋu be: “Yonatan viŋutsuvi ɖeka susɔ li. Enye atatututɔ.” 4Fia la bia be: “Afi ka wòle?” Ziba ɖo eŋu be: “Ele Amiel vi, Maxir ƒeme le Lo-Debar.” 5Ale fia la dɔ ame ɖa woyi ɖakplɔe tso Amiel vi, Maxir ƒeme le Lo-Debar vɛ. 6Eŋkɔe nye Mefiboset. Enye Yonatan vi, eye wònye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. Esi wòva la, ebɔbɔ tsyɔ mo anyi. Tete David yɔe be: “Mefiboset!” Etɔ be: “Nyee nye esi.” 7David gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Maxa ɖe tɔ́wò Yonatan ta anyo dɔme na wò. Magbugbɔ tɔgbuiwò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye mana nàɖu nu le nye agba nu ɖaa.” 8Mefiboset gade ta agu eye wògblɔ be: “Ame kae nye wò dɔla, be nàlé fɔ ɖe nye avu kuku sia hã ŋu?”
9Emegbe fia la yɔ Saul ƒe dɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be: “Metsɔ nu siwo katã nye Saul kple eƒe ƒome blibo la tɔ la de asi na wò aƒetɔ viŋutsua. 10Wò kple viwò ŋutsuwo kpakple wò dɔlawo miade agble nɛ, aŋe nu le eme vɛ nɛ ale be nuɖuɖu nanɔ wò aƒetɔ vi la si, ke Mefiboset ŋutɔ aɖu nu le nye agba nu ɖaa.” Viŋutsuvi wui atɔ̃ kple dɔla bla eve le Ziba si. 11Tete Ziba gblɔ na fia la be: “Mawɔ nu sia nu si nèdi tso asinye be mawɔ la pɛpɛpɛ.”
Ale Mefiboset ɖua nu le David ƒe agba nu abe fiaviŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ene. 12Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si, si ŋkɔe nye Mixa. Ziba ƒemetɔwo katã va zu Mefiboset ƒe dɔlawo. 13Ale Mefiboset, ame si ƒe ata eveawo tu la, va nɔ Yerusalem eye wòɖua nu le fia ƒe agba nu.
Currently Selected:
Samuel II 9: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.