Bible App logo
Search Icon

Samuel II 8

8
Aʋa siwo David wɔ ɖu dzi
(Kron I, 18.1-17)
1Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, David gaho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu wo dzi hebɔbɔ wo ɖe anyi. Exɔ Metegama le wo si.
2Eyome la, eɖu Moabtɔwo hã dzi. Ena ame siwo wòlé le aʋa la me la mlɔ anyigba ɖe fli me. Ne exlẽ fli eve la, ewua wo eye wogblẽa fli blibo ɖeka ɖi. Ale Moabtɔwo va zu David teviwo eye wodzɔa nu nɛ.
3Eyome, David ɖu Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, hã dzi, esime Hadadezer yina eƒe dziɖuɖu ɖo ge anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu. 4David lé eƒe sɔdola akpe ɖeka alafa adrẽ kple afɔzɔla akpe bla eve. David tso agbeka na sɔ siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, eye woƒe ata tu; negbe sɔ alafa ɖeka ko wòsusɔ ɖi. 5Esi Siriatɔ siwo le Damasko va be yewoaxɔ na fia Hadadezer la, David wu wo dome ame akpe bla eve vɔ eve. 6Azɔ David ɖo asrafowo nɔƒe ɖe woƒe nutome me, da eƒe amewo ɖi, eye Siriatɔwo zu eteviwo hedzɔa nu nɛ. Aƒetɔ kpe ɖe David ŋu wòɖu dzi le afi sia afi si wòyi la. 7David xɔ sikakpoxɔnu siwo le Hadadezer ƒe amewo si la tsɔ va Yerusalem. 8Elɔ akɔbli geɖe hã le Beta kple Berotai, siwo nye du nɔ Hadadezer ƒe ŋusẽ te la hã.
9Esi Xamat-fia Toi se be David ɖu Hadadezer ƒe aʋakɔwo katã dzi la, 10edɔ via Yoram ɖe David gbɔ kple klosalo, sika kple akɔblinuwo be woaɖado gbe nɛ, eye wòakafui le ale si wòwɔ aʋa kple Hadadezer heɖu edzi ta, elabe Toi wɔ aʋa kple Hadadezer zi geɖe. 11Fia David kɔ̀ nu siawo ŋuti, hekpe ɖe klosalo kple sika siwo wòxɔ le dukɔ siwo katã dzi wòɖu si la hã ŋu hena subɔsubɔ. 12Dukɔawoe nye: Edom, Moab, Amon, Filistia kple Amalek. Nu siwo wòha le Zoba-fia Hadadezer gbɔ la hã kpe ɖe wo ŋuti.
13David ŋkɔ de du wu tsã esi wòyi ɖawu Siriatɔ akpe wui enyi le Dze Bali me trɔ gbɔ. 14Eɖo asrafowo nɔƒe ɖe teƒeteƒewo le Edom-nyigba dzi, eye afi ma tɔwo katã va zu eteviwo. Aƒetɔ kpe ɖe David ŋu wòɖu dzi le afi sia afi si wòyi.
15Ale David zu fia ɖe Israel-nyigba katã dzi. Ekpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ nu dzɔdzɔe, eye le egbɔ la, ame sia ame sɔ. 16Yoab, ame si nɔ nye Zeruya la, le dukɔa ƒe agbalẽwo nu; 17Zadok, Axitub vi kple Aximelex, Abyatar vi, nye nunɔlawo; Seraya nye agbalẽŋlɔla; 18Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo#8.18: KRETITƆWO: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be “le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu” ke nya siawo mele Hebri-gbe me o. kple Pletitɔwo nu eye David viŋutsuwo nye nunɔlawo.

Currently Selected:

Samuel II 8: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in