Bible App logo
Search Icon

2Makabeowo 4

4
Simon tsɔ nya ɖe Onias ŋu
1Simon, si ŋu woƒo nu le va yi, ame si na nyanya tsi tre ɖe ga si le gbedoxɔ ƒe gadzraɖoƒe ŋuti, eye wòtsi tre ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔ ŋuti la, ƒo nu gblẽ Onias ŋu. Ebe eyae de dzo Heliodoro me eye wògblɔ be eya gbɔ tututue nya vɔ̃ la katã tso. 2Edo dzi tɔ asi ame aɖe dzi abe nugbeɖola ene, ame sia tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Evɔ la, ame siae nye dɔmenyowɔla na dua, eƒe dukɔmetɔwo taʋlila kple ame si tsɔ dzo ɖe seawo ŋu hafi. 3Eƒe fuléle la nu sẽ ale gbegbe be Simon dzi delawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã nɔ ame wum. 4Onias de dzesii be tsitretsitsi ɖe ye ŋu la le ga dom ɖe edzi ale be Apolonio, Menesteo vi, ame si nye nutomedziɖula le Koelesiria kple Foenikia la le kpekpem ɖe Simon ŋu vevie le eƒe nu vevi wɔame la me. 5Ale Onias trɔ ɖe fia la gbɔ, ƒo nu kplii, menye be yeatso yewo detɔwo nu o, ke boŋ ɖe nyuididi na dukɔ la katã, kple na amewo ɖekaɖekae ta. 6Elabe ekpɔ be ne fia la mege ɖe nya la me o la, ŋutifafa manɔ anyi le dunyawo me o, eye Simon madzudzɔ eƒe movinuwɔna la o.
Yason he Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo vɛ
7 # Mak I, 1.10. Esi fia Seleuko ku la, Antioxo, si woyɔna be Epifanes la, va zu fia le fiaɖuƒea me. Yason, Onias nɔvi, to nu fitifiti wɔwɔ mɔnu va zu nunɔlagã. 8Le dzeɖoɖo kple fia la me la, edo klosaloga kilo akpe wui eve ŋugbe nɛ hekpe ɖe klosaloga kilo akpe eve alafa adrẽ si wòaɖe tso nunana bubu me la ŋu. 9Eyi edzi do ŋugbe be yeana klosaloga kilo akpe atɔ̃ akpee, ne fia la ana ŋusẽe be wòaɖo lãmesẽfefewɔƒe kple sɔhɛwo ƒe ha si akpɔ hehe le eme, eye woaŋlɔ Yerusalemtɔwo ŋkɔ be wonye Antioxia - vidzidziawo. 10Esi fia la da asi ɖe susu siawo dzi, eye Yason zu nunɔlagã la, etɔ edzi enumake na be wo detɔwo nasrɔ̃ Helatɔwo ƒe degbenɔnɔ.
11 # Mak I, 8.17. Eɖo asi mɔnu siwo Siria-fiawo na Yudatɔwo to Yohanes, Eupolemo tɔ́, ame si de megbe na xɔlɔ̃wɔwɔ kple ɖekawɔwɔ kadodo nyuitɔ si nɔ Romatɔwo kple Yudatɔwo dome la, dzi. Etsi agbe nyui si amewo nɔ le se la nu la nu, eye wòɖo kɔnyinyi yeye siwo tsi tre ɖe se la ŋu la anyi. 12Etsɔ dzidzɔ tu lãmesẽfefewɔƒe la ɖe to si dzi sitsoƒexɔ sesẽ la le gɔme tututu, eye wòble bubume siwo le sɔhɛawo dome la nu be woaɖɔ Helatɔwo ƒe duɖimekekuku. Esia nye seƒoƒo, kuku si sɔhɛwo ɖɔna le duɖimekeɣi le Helatɔwo dome. 13Ɖe Yason ame si nye mawumavɔ̃la eye menye nunɔlagã vavã o ƒe vɔɖivɔ̃ɖi ta la, Helatɔnyenye gaglã va xɔ anyinɔ eye amewo va srɔ̃ amedzrowo ƒe agbenɔnɔ. 14Ena be nunɔlawo gɔ̃ hã megatsɔ ɖeke le eme be yewoasubɔ le vɔsamlekpui la ŋu o. Wotsri kɔkɔeƒe la eye woɖe asi le vɔsasa ŋu. Kasia gagba kotoe dada nadze egɔme la, nunɔlawo ɖea abla yina ɖakpɔa gome le wɔnawo me le kameteƒe, nu si ŋu se la meɖe mɔ le o la. 15Nu siwo ŋu wo tɔgbuiwo dea bubui la ƒe ɖeke megaɖi naneke le wo gbɔ o, ke boŋ wova bu Helatɔwo ƒe agbenɔnɔ nu vavãe wu sãa. 16Ɖe esia ta la, dzɔgbevɔ̃e gã aɖe va dzɔ ɖe wo dzi, elabe ame siwo ƒe agbenɔnɔ va le wo ŋu dzem eye wodi be yewoasrɔ̃ wo la, va trɔ zu woƒe futɔwo eye wohe to na wo. 17Menye nu tsɛ wònye be màde bubu Mawu ƒe seawo ŋu o. Nu siwo va dzɔ la aɖe nyateƒe sia afia kɔtɛe.
Yerusalem le Siriatɔwo ƒe ŋusẽ te
18Esi ƒè ene sia ƒè ene lãmesẽfefe si wowɔna la nɔ edzi yim le Tiro, eye fia la nɔ eteƒe la, 19Yason vɔ̃ɖi ma ɖo ame siwo wòtia tso Yerusalem abe Antioxia vidzidziawo ene la ɖa, be woatsɔ klosaloga kilo akpe ewo bene woatsɔ ade mawu Herkules ƒe vɔsanuwo me. Ame siwo tsɔ ga la vɛ la kpɔ kɔtɛe be menyo be woatsɔ ga home sia ade vɔsanuawo me o, ke boŋ woɖoe be yewoawɔ eŋudɔ le susu bubu nu. 20Ale ame si ɖo ga la ɖa di be woatsɔe ade vɔsa si woawɔ na Herkules la me, ke ame siwo tsɔe vɛ la ya ɖo be yewoawɔ eŋudɔ akpa tɔdziʋawɔʋu tɔxɛ aɖe.
21Esi woɖo Apolonio, Menesteo vi, ɖe Egipte be woaɖakpɔ Filometor ɖoɖo fiae teƒe la, Antioxo se be Filometor va tsi tsitre ɖe yeƒe dziɖuɖua ŋu, eya ta eya ŋutɔ kpɔ eƒe dedienɔnɔ gbɔ. Esia ta esi wòva ɖo Yopa la, etso eme yi Yerusalem. 22Yason kple du blibo la xɔe kple dzidzɔ ale gbegbe. Wokplɔe kple akakatiwo ge ɖe dua me nɔ dzidzɔɣli dom kplɔe ɖo. Tete wòkplɔ eƒe aʋakɔ la ɖo ta Foenikia - nyigba dzi.
Menelao zu nunɔlagã
23Ƒè etɔ̃ megbe la, Yason ɖo Menelao, Simon, ame si ŋu míeƒo nu le va yi la, nɔviŋutsu ɖa be wòatsɔ ga la ayi na fia la eye wòawu dɔ vevi aɖewo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ me nu. 24Ke esi Menelao do ɖe fia la gbɔ la, ekafui abe ame si si ŋutete le la ene, eye wòxɔ nunɔlagãnyenye la na eɖokui to klosaloga kilo akpe ewo nana me tsɔ wú Yason. 25Esi fia hã na ŋusẽe la, etrɔ dzo. Nunɔlagãnyenye ƒe dzesi aɖeke medzé le eŋu o, ke nu si boŋ dzé le eŋu lae nye dziɖula ŋutasẽla, dɔmedzoetɔ kple gbemelã wɔadã ƒe anyrawɔwɔ. 26Ale, esi Yason ɖe eya ŋutɔ nɔvia ɖa xɔ eteƒe abe nunɔlagã ene la, ŋutsu bubu ɖe eya hã ɖa eye wòle nɛ be wòasí ayi Amon-nyigba dzi. 27Togbɔ be Menelao nɔ nunɔlagã ƒe dɔa nu hã la, mexe ga si ŋugbe wòdo be yeanɔ xexem na fia la edziedzi la o. 28Esi Sostrato, fiasãdzikpɔla, ame si ƒe dɔdeasi wònye be wòaxɔ dugawo la, nɔ biabiam be wòaxe gaa la, fia la yɔ wo ame eve la va eɖokui gbɔ ɖe nya sia ŋu. 29Menelao gble eya ŋutɔ nɔvia Lisimako ɖi abe eteƒenɔla ene, eye Sostrato hã tsɔ Krates, Kiprotɔwo ƒe aʋakplɔla ɖo eɖokui teƒe.
Wowu Onias
30Esime nuwo nɔ alea la, eva eme be Tarsotɔwo kple Malotɔwo dze aglã, elabe wotsɔ woƒe duwo wɔ nunanae na Antioxis, fia la ƒe ahiãvi. 31Ale fia la yi kaba be yeaɖakpɔ nya la gbɔ. Egble Androniko, ame si nye bubume gã aɖe ɖi be wòawɔ dɔ ɖe ye teƒe. 32Ke Menelao bu esia abe mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ene. Efi sikakplu aɖewo le gbedoxɔa me, eye wòtsɔ wo na Androniko. Eva eme be kplu bubuawo ya la, edzra wo na Tiro-dua kple du siwo ƒo xlãe la. 33Esi Onias va nya nu tso nu siawo ŋu bliboe la, gbã la, eyi ɖabè ɖe kɔkɔeƒe aɖe le Dafne, si tsɔ ɖe Antioxia gbɔ, eye wòʋu go wo le dutoƒo. 34#Dan 9.26.Eya ta Menelao ɖe kpɔ Androniko, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòawu Onias. Androniko va Onias gbɔ eye ayetɔe la, ena wòka ɖe eyama dzi. Ena asie kple nuɖusi, do ŋugbe, ka ɖe edzi nɛ eye wòxɔ ta le enu. Togbɔ be Onias meka ɖe Androniko dzi o hã la, edo go tso kɔkɔeƒe la. Tete wòɖe eƒe agbe ɖa enumake, ɖekematsɔlemetɔe, eye mebu nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu kpɔ ɖa o.
Wohe to na Androniko
35Ɖe susu sia ta la, menye Yudatɔwo ɖeɖe ko o, ke boŋ ame geɖewo hã tso dukɔ bubuwo dome se veve, eye womekpɔ ŋudzedze le ŋutsu la wuwu madzemadzee ŋu o. 36Esi fia la trɔ gbɔ tso Kilikia-nutome la, Yudatɔ siwo nɔ dua me la ƒo koko nɛ ɖe Onias wuwu susu manɔmee sia ta. Nenema ke Helatɔwo ɖe ale si woawo hã wotsri hlɔ̃dodo sia lae fia. 37Eya ta Antioxo se veve vevie le dzime, eye nublanui wɔe. Efa avi ɖe ameyinugbea ƒe tufafa kple nɔnɔme nyui ta. 38Dzi ku fia la ŋutɔŋutɔ eye wòdze eƒe aɖabɛwuwo. Edze dɔwɔwu siwo le Androniko ŋu, eye wòna wokplɔe to du bliboa me ʋuu va ɖo teƒe si tututu wòwɔ dɔmedzoenu sia ɖe Onias ŋu le la. Afi mae wòɖo ŋutsu ʋukɔɖila ɖa le. Ale Aƒetɔ la ɖo eteƒe nɛ kple tohehe si wòdzena la.
Wowu Lisimako
39Azɔ Lisimako wɔ bubumade nu kɔkɔe ŋu nu geɖe siwo me Menelao ƒe asi le. Esi nuwɔna siawo ɖi hoo le teƒewo amewo se la, dua me tɔwo ƒo ƒu eye wotso ɖe Lisimako, ame si fi sikakplu geɖe xoxo la ŋu. 40Esi ameha la nɔ fiefiem kple adã eye wodo dziku vevie la, Lisimako na aʋawɔnu ame abe akpe etɔ̃ ene, eye wòho aʋa ɖe ameawo ŋu madzemadzee, le Aurano, ŋutsu aɖe si tsi xɔ ƒè geɖee gake dzɔ movi ŋutɔ la ƒe kpɔkplɔ te. 41Gake esi Yudatɔwo va nya be Lisimako le aʋa hom ɖe yewo ŋu la, wotrɔ ɖe eŋu: amewo fɔ kpewo nɔ edam; amewo tsɔ kpowo eye bubuwo lɔ dzowɔ si le afi ma, ɖe asiƒome nɔ Lisimako kple eƒe amewo dam le zitɔtɔ gã aɖe me. 42Ɖe esia ta, wode abi ame geɖe ŋu, wu ɖewo eye ame mamlɛawo de afɔ du me dzo. Wowu ame si daa adzo nuwo le gbedoxɔa me la ŋutɔ ɖe kesinɔnudzraɖoƒea gbɔ.
43Wotsɔ nya ɖe Menelao ŋu ɖe nudzɔdzɔ sia ta. 44Esi fia la va Tiro la, aɖaŋuɖolawo dɔ ame etɔ̃ ɖa wotsɔ nya la va ɖo eŋkume. 45Menelao kpɔ be yeƒe anyidzeɣi ɖo, ale wòdo ga home gã aɖe ŋugbe, abe zãnu ene, na Ptolemi, Dorimenes vi bene yeaɖu fia la ƒe susu dzi. 46Tete Ptolemi ɖe kpɔ fia la yi ɖe akpata me, abe ya xɔ ge woyi ene, eye wòble enu be wòatrɔ susu. 47Fia la ɖe asi le Menelao, nu gbegblẽ siawo katã wɔla ŋu, eye wòbu fɔ nublanuitɔ siawo boŋ. Evɔ la, nenye Skitetɔwo ƒe ʋɔnu gɔ̃ wodrɔ̃ nya na wo le hã la, woaɖe asi le wo ŋu eye womatso kufia na wo o. 48Ale ame siwo ʋli du la, kɔƒeawo kple vɔsakplu kɔkɔeawo ta la, wohe to na wo enumake madzemadzee. 49Eya ta Tirotɔwo gɔ̃ hã ɖe woƒe dɔmedzoe fia ɖe hlɔ̃nya sia ta, eye wona nu geɖewo fũu ɖe ameawo ɖiɖi ta. 50Gake ɖe dziɖulawo ƒe ŋukeklẽ ta la, Menelao ganɔ dɔa nu, nɔ gbegblẽm ɖe edzi le vɔɖivɔ̃ɖinyenye me, eye wòva zu nugblẽla gãtɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔmeviwo ŋuti.

Currently Selected:

2Makabeowo 4: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in